Dzilawo ƒe Agbanɔamedzi be Woakpɔ Wo Vi Sukuviwo ƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ
Sukudede nyui dzraa ɖeviwo ɖo ɖe agbenɔnɔ le egbexexeame ŋu. Enaa agbalẽnyanya ƒe ŋutete sua wo si be woanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ kpakple akɔntabubu nyuie, ena wosrɔ̃a alesi woawɔ nu ɖe ame ŋui eye wògana wodea bubu agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ŋu. Eyata enyo be dzilawo nadi be yewo viwo nade suku anya agbalẽ nyuie.
Ðewohĩ suku nyui si te ɖe mia ŋu la didi tso afisi miaƒe ƒomea le. Ewɔnɛ be dzilawo naa ɖevia va nɔa ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo gbɔ be wòade suku. Ame aɖewo abui be sukukpodzi nɔnɔ ade suku nyo wu. Esi wònye sukudede ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe Kristotɔ ŋu wòasubɔ Yehowa nyuie ta la, ɖe woɖe dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woakpɔ wo vi ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ ɖa le wo dzi ne ɖevia dzo yi sukua? Kura o! Nublanuitɔe la, nyatakakawo ɖee fia be ‘woɖea ŋu ɖi’ le ɖevi geɖe ŋu le woƒe sukudeƒe siwo me woƒe susu meli ke kura o la me. (Lod. 29:15) Mlɔeba la, xexeame ƒe gbɔgbɔ va gena ɖe ɖevi siawo me. Ewɔ nublanui ŋutɔ! Aleke gbegbe wònye nuŋumabumabu yi ŋgɔe enye esi be woagblẽ nunana xɔasi sia gbegbe si tso Yehowa gbɔ dome ɖe ŋutilãmenuwo alo sukudede ta!—Ps. 127:3; tsɔe sɔ kple Luka 2:41-52.
Enye dzidzɔ be dzila geɖe dzea agbagba be yewoakpɔ yewo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nyuie alesi yewoate ŋui. Woɖoa dze kple nufialawo tso ɖevia ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu eye wowɔa ɖoɖo koŋ be hame si le anyigbamamaa me nakpe ɖe eŋu. Woyina va srãa ɖeviawo kpɔ edziedzi hã be woakpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me. Ne wona kpekpeɖeŋu siawo ɖeviawo la, wonɔa ŋute le gbɔgbɔ me ɣeawokatãɣi.
Yehowa, le eƒe nunya me xlɔ̃ nu dzilawo be woakpɔ wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Abia akɔnta tso dzilawo si le wo vi suewo ƒe nyonyo ŋuti. (Tim. I, 5:8; Ef. 6:4) Eyata mina míakpe ɖe mía viwo ŋu be woatsi ava zu gbɔgbɔmemewo, bene woakpɔ yayra mavɔwo.—Yoh. III, 4.