Èdea Gbeadzi Ɣesiaɣia?
1 “Makafu wò gbesiagbe.” (Ps. 145:2a) Nya siawo ɖe lɔlɔ̃ deto si nɔ hakpala la si na Yehowa fia. Enye mí Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be míatsɔ “kafukafuvɔsa” ana Yehowa to gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi me. (Heb. 13:15) Ðe nèle esia wɔma? Le susu vovovowo ta mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo ade 8,000 ɖe mɔ ɣletiwo va yi womede gbeadzi o! Gake woate ŋu awɔ asitɔtrɔwo.
2 Ðoɖowɔɖi Hiã: Ðoɖowɔɖi nyui si dzi míate ŋu azɔ ɖo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ehiã be míada asɔ le teokrasidɔ siwo le vevie kple dɔwɔna bubu siwo mele vevie tututu o wɔwɔ me. Wɔ ɖoɖo nàyi gbeadzi gaƒoƒo ɖeka alo eve ya teti le kwasiɖaŋkekewo dzi. Ame aɖewo ate ŋu aƒle ɣeyiɣi na gbeadziyiyi le fiẽsiwo me. Ne míewɔ tɔtrɔ aɖewo la, mía dometɔ geɖe míate ŋu awɔ ɖeka kple hamea ayi gbeadzi le Memleɖa kple Kwasiɖagbewo.—Lod. 21:5a.
3 Ne amesiwo nye dɔnɔwo bu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ la, woate ŋu aɖi vomeɖase na amesiwo va srã wo kpɔ kple kɔdzidɔwɔlawo. (Tsɔe sɔ kple Luka 21:2-4.) Agba gã le ƒome ƒe tawo dzi be woawɔ dɔ ɖekae kple wo srɔ̃ kpakple wo viwo le gbeadzi.—Tim. I, 3:4, 12.
4 Aleke Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui? Ehiã be Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔe ɖa be kuxi kawoe le fu ɖem na gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi edziedzi o hã eye woawɔ ɖoɖo siwo sɔ atsɔ kpe ɖe wo ŋu be woade gbeadzi ɣesiaɣi. (Lod. 27:23) Hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, mɔɖelawo, kple gbeƒãɖela bibi bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. Ne wobia tso asiwò be nàkpe ɖe amesiawo dometɔ aɖe ŋu la, wɔe faa le ɖokuibɔbɔ, dzigbɔgbɔɖi, kple lɔlɔ̃ me.—Mat. 11:29.
5 Gbeadzikɔntabubu: Dze agbagba nàtsɔ wò akɔntabubu ana kaba le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. (Mar. 6:30) Ne èɖoe be yeazɔ mɔ do ŋgɔ na ɣletia ƒe nuwuwu la, kpɔ egbɔ nàtsɔ wò akɔntabubu ana hafi adze mɔ.—Nyagb. 9:11.
6 Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba la, ɖe wòʋãa wò be nàkpɔ gome edziedzi le amewo ƒe agbe ɖeɖe mea? (Pet. I, 4:7) Ne ele alea la, ke ɖoe kplikpaa be nànye gbeƒãɖela si dea gbeadzi ɣesiaɣi ɣleti ɖesiaɖe. Ne ètsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ‘àyi nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia dzi madzudzɔmadzudzɔe.’—Dɔw. 5:42.