INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 8
  • Nya Kae Nàgblɔ na Hindutɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Nàgblɔ na Hindutɔ?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hindu-subɔsubɔ—Ablɔɖe Didi
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui
    Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii
  • Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Èle Agbalẽ Gbadza Siawo Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 8

Nya Kae Nàgblɔ na Hindutɔ?

1 Abe alesi nènyae ene la, Hindutɔ geɖe le dukɔ vovovo me eye wole dukɔ sia hã me. Esia fia be àte ŋu ado go Hindutɔ le gbeadzi gbeɖeka. Ne edzɔ nenema la, nya kae nàgblɔ?

2 Ðo Ŋku Nya Siawo Dzi: Dutanyanyuigblɔla siwo ɖi ɖase na Hindutɔwo hekpɔ dzidzedze gblɔ be mehiã be nàsrɔ̃ nu tso Hindu-subɔsubɔ ŋu wòade to hafi ate ŋu aɖi ɖase na wo wòadze edzi o. Zi geɖe la, nyateƒea gbɔgblɔ le mɔ si le bɔbɔe nu kple aɖaŋudzedze na woɖoa to. Gbã la, bia be yeaƒo nu na ƒomea ƒe ta. Ne eɖo to la, anɔ bɔbɔe be nàɖi ɖase na ƒomea me tɔ bubuwo. Le gɔmedzedzea me la, mègagblɔ nya si afia be gbedasi aɖe si nyo wu nusi aƒemenɔlaa xɔ se ye yetsɔ vɛ, alo be yedi be yeaƒo nu tso Mawu vavã ɖeka kolia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe xoxotɔ kekeake ŋu o. Esi Hindutɔ geɖe bua Biblia be enye Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbalẽ ta la, àte ŋu aɖe nazãbubu ma ɖa ne ègblɔ be medea dukɔ bubuwo dzi ɖuɖu akpasesẽtɔe dzi alo bua ameƒomevi aɖewo be wonyo wu bubuwo o.

3 Zã Dɔwɔnu Nyuitɔwo: Wota agbalẽ gbadza aɖe na Hindutɔwo koŋ. Wota Our Problems—Who Will Help Us Solve Them? (Míaƒe Kuxiwo—Amekae Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Wo Gbɔ?) ɖe Gujarati, Punjabi, kple India gbe 11 bubuwo me. Wotae ɖe Eŋlisigbe hã me. Wozã agbalẽ gbadza siwo nye “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” kple Ðe Mawu Tsɔa Ðe le Eme na Mí Vavãa? hã tsɔ ɖi ɖase na Hindutɔwo wòdze edzi. Míate ŋu azã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa atsɔ awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃e wòadze edzi.

4 Gblɔ Nya si Ŋu Mi Ame Evea ƒe Susu Wɔ Ðeka Le: Mesesẽ be woakpɔ nusi ŋu mía kple Hindutɔwo ƒe susu wɔ ɖeka le o. Woxɔe se be míele ɣeyiɣi si me vɔ̃ɖinyenye do agbogbo me eye be Mawu ahe tsɔtsrɔ̃ gã aɖe vɛ atsɔ aɖe kuxiwo katã ɖae, emegbe xexe si me nyateƒetoto le axɔ ɖe eteƒe. Àte ŋu akpɔ alesi dzixɔse siawo do ƒome kple Biblia ƒe nufiafia siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo, xaxa gã la, kple xexeme yeye si gbɔna ŋu. Esi Hindutɔ akpa gãtɔ xɔe se be fukpekpe siwo gbɔ womate ŋu akpɔ o koe anɔ agbe me ta la, wolɔ̃na sea dzeɖonya siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ, nuvlowɔwɔ kple dedienɔnɔ, kpakple nusi dzɔna ne míeku ŋu. Ðaseɖinya siwo nàte ŋu azã dometɔ evee nye esi.

5 Ŋutsu si si ƒome le akpɔ dzidzɔ ɖe dzeɖonya sia ŋu:

◼ “Mele dze ɖom kple amesiwo tsi dzi ɖe nɔnɔme si me ƒomegbenɔnɔ le le dukɔ geɖe me egbea ŋu. Nukae nèsusu be akpe ɖe ƒomewo ŋu be woawɔ ɖeka? [Na wòaɖo eŋu.] Ame aɖewo nya nusi Hindu ŋɔŋlɔawo gblɔ le ƒomea ŋu, gake mɔnukpɔkpɔ mesu wo si kpɔ be woatsɔe asɔ kple nusi Biblia gblɔ le nyaa ŋu o. Madi be maxlẽ nusi Biblia gblɔ na wò le Kolosetɔwo 3:12-14.” Ne èxlẽ ŋɔŋlɔa vɔ la, tsɔ Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 15 lia fiae eye nàgblɔ be: “Adzɔ dzi nam be mazã ɣeyiɣi sue aɖe axlẽ ta sia me nyawo afia wò.”

6 Ðewohĩ nya sia anya se na sɔhɛ:

◼ “Meka ɖe edzi be èxɔ Mawu dzi se. Nukae nèsusu be enye Mawu ƒe tameɖoɖo na mí?” Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxle Mose I, 1:28, eye nàgblɔ be: “Amewo sɔ gbɔ wu alesi dze le anyigba ƒe akpa geɖe eye kuxiwo ƒo xlã wo. Èxɔe se be Wɔla la alɔ̃ be yeakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔa?” Ne èse ŋuɖoɖoa vɔ la, tsɔ agbalẽ si sɔ fiae.

7 Emetsonuwo Ado Dzidzɔ na Wò: Hindu-ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 22 te ɖe nɔvinyɔnu aɖe si nɔ ɖase ɖim le asime ŋu hebia be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Eɖe nu me na nɔvinyɔnua be ƒe enyi do ŋgɔ la, yese wònɔ Biblia me dze aɖe ɖom kple ye dada. Togbɔ be nyateƒenya siwo Biblia gblɔ le ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu wɔ dɔ ɖe ye dzi hã la, medze ye dada ya ŋu o, gake yekpɔ be yemetsi asrɔ̃ nyateƒea le ye ɖokui si o. Esi wòtsi azɔ ta la, edi be yeasrɔ̃ nu geɖe. Ðekakpuia megblẽ ɣeyiɣi o. Le ŋkeke 23 pɛ ko megbe la, ewu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu, eye ɣleti ene pɛ tso esime wòdo go nɔvinyɔnua le asime la, ebia be yeaxɔ nyɔnyrɔ!

8 Nɔviŋutsu aɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Hindu-ŋutsu si wòdo go le keteke me. Kuxiwo nɔ ŋutsua ƒe srɔ̃ɖeɖe me. Enye ahatsunola hã. Ŋutsua lɔ̃ be Ðasefoa nava ye gbɔ afia aɖaŋu si Biblia ɖo le ƒomegbenɔnɔ ŋu ye. Biblia ƒe nufiafia ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu dze eŋu, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Eya kple eƒe ƒomea dze kpekpewo dede gɔme ɖekae. Emegbe wogblɔ nyateƒea na wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo. Vaseɖe fifia la, wo dometɔ ade va xɔ nyateƒea!

9 Mawu ƒe didie nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Ŋutsu kple nyɔnu siwo mele Kristo-hawo me o, siwo dometɔ aɖewo nye Hindutɔwo hã le eme. Ne Hindutɔwo le miaƒe anyigbamamaa me la, nukata màsrã wo kpɔ kaba eye nàzã aɖaŋu siwo woɖo le nyati sia me dometɔ aɖewo o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe