INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/00 axa 1
  • Míeɖea Gbeƒã Nyanyui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míeɖea Gbeƒã Nyanyui
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Mina Míasrɔ̃ Yehowa, ‘Dzidzɔ Mawu’ La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • “Nya Nyui”!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Nya Nyui Aɖe Si Ame Sia Ame Hiã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 3/00 axa 1

Míeɖea Gbeƒã Nyanyui

1 Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si su mía si be míenye “ŋutifafanya kple nyanyui” gbeƒãɖelawo! (Rom. 10:15) Gbedasi ʋãme aɖe le mía si na amesiwo tɔtɔ eye dzi ɖe le wo ƒo. Aleke míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be ‘du nyui’ ye míeɖea gbeƒãe?—Yes. 52:7.

2 Dzra Gbedasi Nyui aɖe Ðo: Míaƒe dzeɖoɖo le subɔsubɔdɔa me akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi ne míeƒo nu tso nu nyuiwo ŋu. Eyata ne míele míaƒe dzeɖonya dzram ɖo eye míele agbalẽ si míana le gbeadzi me dzrom la, ehiã be míate gbe ɖe gbedasia ƒe akpa si atu amewo ɖo dzi. Ne míetsɔ kakaɖedzi kple dzonɔameme gblɔ míaƒe Biblia me mɔkpɔkpɔa la, míate ŋu akpɔ mɔ be nu nyuiwo ado tso eme.—Lod. 25:11.

3 Togbɔ be míesea veve ne amewo gblɔ alesi xexeame ƒe nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi gblẽ nu le wo ŋu na mí hã la, ele be míaƒo nu tso amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu vavãtɔ si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na wo. Ne Yehowa ƒe “hlɔ̃biaŋkeke” si gbɔna ŋue míele nu ƒom tsoe gɔ̃ hã la, míadi be míagblɔ nusita esia nye ‘du nyui na ame fafawo’ ɖo. (Yes. 61:1, 2) Míate ŋu aka ɖe edzi na míaƒe nyaselawo be nusianu si Yehowa awɔ la ahe dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ kekeake vɛ mlɔeba eye emetsonuwo aƒo ɖesiaɖe ta.

4 Tsɔ Dzidzɔ Vavãtɔ Ðe Gbeƒã Nyateƒea: Ne amewo kpɔ nukomo si míeɖo kple alesi míele nu ƒom dzideƒotɔe la, aʋã wo be woaɖo to mí nyuie wu. Ne míeƒo nu kple kakaɖedzi la, amesiwo míele ɖase ɖim na akpɔe adze sii be ‘dzi dzɔa mí le mɔkpɔkpɔ me.’ (Rom. 12:12) Esia ate ŋu aʋã wo woaɖo to nyanyuia geɖe wu. Le nyateƒe me la, susu nyui le mía si ɣesiaɣi si ta wòle be míaɖe kakaɖedzi kple dzidzɔ ƒe nɔnɔme afia le míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa.

5 Mí nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo míewɔa geɖe wu nyanya nana amewo ko. Míaƒe gbeƒãɖeɖe na kakaɖedzi sua amewo si le agbe si nyo wu nɔnɔ fifia kple le etsɔme ŋu. (Tim. I, 4:8) Ne míedo go amesiame la, kakaɖedzi si le mía me adze le nya si míagblɔ me eye aʋã amewo woaxɔ nyanyuia. Mina míalé ŋku ɖe nya si míegblɔna kple alesi míegblɔnɛ ŋu nyuie be wòaʋã dzianukwaretɔwo be woaxɔ nyanyui dodzidzɔname si míeɖea gbeƒãe!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe