Mina Míasrɔ̃ Yehowa, ‘Dzidzɔ Mawu’ La
1 Yehowa di vavã be amewo nakpɔ dzidzɔ. Eƒe Nya la wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ na yayra wɔnuku siwo le esi na ameƒomea yɔa mía me fũ. (Yes. 65:21-25) Ele be wòadze ƒã na amewo be míekpɔa dzidzɔ le ‘dzidzɔ Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuia’ gbɔgblɔ na wo me. (Tim. I, 1:11) Ele be alesi míeƒoa nu tso Fiaɖuƒegbedasia ŋui naɖe alesi míelɔ̃ nyateƒea kple alesi míetsɔ ɖe le eme na amesiwo míeɖea gbeƒã na vavãe la afia.—Rom. 1:14-16.
2 Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ be wòadze le mía ŋu be míenye dzidzɔmewo. Le anyigbamama aɖewo me la, ame ʋɛ aɖewo koe xɔa míaƒe Fiaɖuƒegbedasia nyuie. Ɣeaɖewoɣi hã míetoa nɔnɔme sesẽwo me le míaƒe agbe me. Be míayi edzi anye dzidzɔmewo la, anyo be míade ŋugble le alesi wòle vevie be amesiwo le míaƒe anyigbamama me nase Fiaɖuƒenyanyui si míeɖea gbeƒãe ahase egɔme ŋu. (Rom. 10:13, 14, 17) Ŋugble dede tso esia ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi dzidzɔtɔe ana amewo nanya nublanuikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena agbexɔxɔ la.
3 Ƒo Nu tso Nu Nyui Siwo Gbɔna Ŋu: Ehiã hã be míalé ŋku ɖe nya siwo míegblɔna ŋu. Togbɔ be míate ŋu aƒo nu tso kuxi aɖe alo nudzɔdzɔ yeye aɖe ŋu atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme hã la, ele be míaƒo asa na nu ƒoƒo fũ tso nusiwo ɖea dzi le ame ƒo ŋu. Míaƒe dɔe nye be míahe ‘nane si nyo wu ŋuti nyanyui’ ayi na amewo. (Yes. 52:7; Rom. 10:15) Nyanyui siae nye gbedasi si ku ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme nyui aɖe ŋu la ŋuti. (Pet. II, 3:13) Esi esiawo le susu me na wò la, zã Ŋɔŋlɔawo nàtsɔ ‘ada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu.’ (Yes. 61:1, 2) Esia akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be dzi nanɔ mía dzɔm eye míanɔ mɔ kpɔm na nu nyui siwo gbɔna.
4 Ne míele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la, adze na amewo godoo be míenye dzidzɔmewo. Eyata, mina míaɖe míaƒe ‘dzidzɔ Mawu’ Yehowa ƒe nɔnɔme sia afia, ne míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenyanyuia na amewo le míaƒe anyigbamama me.