Kpɔ Egbɔ Be Yetrɔ Yi!
1 “Dzeɖoɖoa vivi loo! Ele be maɖo ŋku edzi atrɔ ayi.” Ègblɔ nya siawo ƒomevi kpɔ, eye emegbe nèŋlɔ afisi amea le bea? Ne ele nenema la, ke àlɔ̃ ɖe edzi be mɔ si ko dzi nàto akpɔ egbɔ be yegbugbɔ yi enye be nàwɔ nuŋlɔɖi.
2 Ŋlɔ Nusianu Ði: Esime dze si nèɖo kple ɖetsɔlemetɔ aɖe kpɔtɔ le yeye le susu me na wò la, di ɣeyiɣi nàŋlɔ nu vevi siwo dze le miaƒe dzeɖoɖoa me la ɖi. Ŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple nusi ana nàte ŋu akpɔe adze sii. Ŋlɔ eƒe aƒea ƒe xexlẽdzesi kple ablɔa alo nutoa ƒe ŋkɔ, gake mègasusui ko aŋlɔ o—kpɔ egbɔ be nusi yeŋlɔ la de pɛpɛpɛ. Ŋlɔ nyati si me miedzro, mawunyakpukpui siwo miexlẽ, kple agbalẽ si nènae.
3 Ne ègblẽ nyabiabia aɖe ɖe egbɔ si ŋu nàɖo le wò tɔtrɔyi me la, ŋlɔe ɖi. Ðe nède dzesi nane le amea ŋu, ku ɖe eƒe ƒomea alo eƒe subɔsubɔha ŋua? Ne ele nenema la, ke ŋlɔ eya hã ɖi. Ekema ne nusiawo dze le wò nuƒo me le wò tɔtrɔɣi si akplɔe ɖo me la, aɖee fia be ètsɔ ɖe le eme na amea. Mlɔeba la, ŋlɔ ŋkeke kple ɣeyiɣi si nèyi zi gbãtɔ kple ɣeyiɣi si nègblɔ be yeagatrɔ ayi la kpee. Ne èwɔ nuŋlɔɖi nyuiwo la, aɖo ŋku nuwo dzi na wò pɛpɛpɛ, eye awɔe be màŋlɔ ŋugbe si nèdo be yeagatrɔ ayi la be bɔbɔe o.—Tim. I, 1:12.
4 Ne èŋlɔ nusianu vɔ ko la, tsɔe kpe ɖe dɔwɔnu bubu siwo nètsɔ yia gbeadzii ŋu—siwo nye akplo, Biblia, Reasoning-gbalẽa kple agbalẽ bubuwo—be wòanɔ asitsɔƒe ɣesiaɣi. Anyo wu be nàŋlɔ amesiwo mètu le aƒeme o ɖe aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvi bubu dzi, ale be wòanɔ vovo na esiwo dzi nèŋlɔ wò tɔtrɔyiwo ɖo. Ne míagblɔe la, agbagba ka kee nèɖadze be yeaŋlɔ tɔtrɔyiwo ɖi o, nu vevitɔe nye be nàkpɔ egbɔ be yetrɔ yi!
5 Bu Tame Tso Amea Ŋu: Ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu la, dzro tɔtrɔyi ƒe nuŋlɔɖi siwo nèwɔ la me. De ŋugble tso amesiame ŋu akpɔ mɔnu nyuitɔ kekeake si nàzã ne ètrɔ yi. Bu tame tso alesi nàwɔ anyɔ amea ƒe ɖetsɔleme be wòadze aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ŋu. Ðoɖowɔwɔ alea ate ŋu awɔe be nàtse ku geɖe le nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa me eye adzi wò ŋutɔ wò dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi.—Lod. 21:5a.
6 Eyata ɣebubuɣi si nàke ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu la, mègasusui be yeate ŋu aɖo ŋku amea dzi bɔbɔe o. Ke boŋ wɔ nuŋlɔɖi, dzro nuŋlɔɖia me, nɔ amea ŋu bum, eye nàkpɔ egbɔ be yetrɔ yi!