Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Ðetsɔlemetɔwo Ŋuti Nuŋlɔɖi
“Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi.” (1 Tim. 4:16) Aɖaŋu sia si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖo na Timoteo ɖee fia be, ele be míadze agbagba anɔ ŋgɔyiyi wɔm, míeɖanye gbeƒãɖela yeyewo alo ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su o. Be woakpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me la, nyati yeye aɖe si ƒe tanyae nye, “Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me” la anɔ dzedzem le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Woadzro aɖaŋu vevi aɖe si ŋu dɔ míawɔ la me le nyatiawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye woafia ale si míawɔe mí. Wode dzi ƒo na mí katã be míalé fɔ ɖe aɖaŋu ma zazã ŋu le ɣletia me. Ne ɣletia ku la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si le Subɔsubɔ Kpekpe me dɔdeasi aɖe me be míagblɔ ale si aɖaŋu ma zazã veviedodotɔe ɖe vi na míi. Le ɣleti sia me la, wole dzi dem ƒo na mí be míawɔ ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la ŋuti nuŋlɔɖi.
Nu Si Ta Wòle Vevie: Dɔ si wode asi na mí bia nu geɖe wu gbeƒãɖeɖe ko. Ele be míatrɔ ayi ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ ahafia nu wo, eye míato esia dzi ade tsi nyateƒea ƒe nuku siwo míeƒã. (Mat. 28:19, 20; 1 Kor. 3:6-9) Esia bia be míadi amea ake ɖe eŋu, aɖo dze tso nu siwo me wòtsɔ ɖe le ŋu, eye míayi nya si me míedzro kplii va yi dzi. Eya ta ɣesiaɣi si míeke ɖe ɖetsɔleme aɖe ŋu la, anyo be míawɔ nuŋlɔɖi tso eŋu.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne èle nuŋlɔɖi wɔm la, gblɔ nu siwo ŋlɔm nèle la na wò gbeadzizɔhɛa wòase.