INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/03 axa 3
  • Kpekpe Ðekae be Míakafu Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpe Ðekae be Míakafu Yehowa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kafu Yehowa le Ameha Gãwo Dome
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • “Mina Míaƒo Kpli Ado Eƒe Ŋkɔ Ðe Dzi”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 11/03 axa 3

Kpekpe Ðekae be Míakafu Yehowa

1. Nukae nye takpekpe si míava wɔ ƒe tanya, eye nukatae Yehowa dze na míaƒe kafukafu?

1 Yehowae nye ŋusẽkatãtɔ, amesi ƒe nunya me dzodzro meli o, amesi de blibo le dzɔdzɔenyenye me, eye eƒe amenyenye katã nye lɔlɔ̃. Esi wònye Wɔla, Agbenala, kple Xexeame Katã Dziɖulagã ta la, eya ɖeka koe dze na míaƒe tadedeagu. (Ps. 36:10; Nyaɖ. 4:11; 15:3, 4) “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpe siwo míawɔ le ƒe sia me ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míasubɔ eya si nye Mawu vavã ɖeka kolia la.—Ps. 86:8-10.

2, 3. Aleke ɖoɖo nyui wɔwɔ nana míeɖea vi bliboe?

2 Ðoɖo Nyui Wɔwɔ Hiã: Ðoɖo nyui wɔwɔ le vevie ne míedi be míaɖe vi bliboe tso gbɔgbɔmekplɔ̃ si Yehowa ɖo na mí me. (Ef. 5:15, 16) Ðe nèwu ɖoɖowɔwɔ na dzeƒe, ʋuɖoɖo, kple mɔbiabia le dɔme alo le suku nua? Megahe nu vevi siawo wɔwɔ ɖe megbe akpa o. Ne ètsi megbe le mɔbiabia ŋu la, ate ŋu adzɔ be wɔna dodzidzɔname sia ƒe akpa aɖe nato ŋuwò. Ehiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ anyi le wɔnaa ƒe akpa ɖesiaɖe.

3 Ðoe wò taɖodzinui be nàɖo takpekpewɔƒea kaba ŋdi sia ŋdi. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàɖe dzi ɖi le wò zikpui dzi hafi hadzidzi si woatsɔ aʋu enu nadze egɔme eye wòana wò susu me navo nyuie be nàxɔ nufiame si woana. Nɔviwo ate ŋu anɔ anyi nɔm tso ŋdi ga 8:00 gbesiagbe. Taflatse megalé zikpui ɖi na ame bubu siwo menye wò ƒomea me tɔ kplikplikpli alo amesiwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖekae o.

4. Nukatae wobia tso mí katã si be míatsɔ ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi va takpekpea me?

4 Wobia tso mí katã si be míatsɔ ŋdɔnuɖuɖu vɛ wu be míadzo le takpekpea wɔƒe ava nɔ nuɖuɖu dim le ɖeɖiɖemeɣia. Wò asikpekpe ɖe ɖoɖo sia ŋu ahe ŋutifafa vɛ eye wòana ɣeyiɣi nanɔ anyi na hadede kple haxɔsetɔwo. (Ps. 133:1-3) Taflatse nenɔ susu me na mi be mele be woatsɔ nusiwo ate ŋu agba alo aha sesẽwo ava takpekpewɔƒea o. Míele kuku ɖem be amesiwo wotia be woayi takpekpea le Accra stadium kple Kumasi stadium naɖo ŋku edzi be woagatsɔ tsifago gãwo ɖe asi vɛ o. Teƒe meli woada nusiawo ɖo o. Mitsɔ nugoe sue siwo ate ŋu anɔ miaƒe afɔwo dome ko. Manyo be miagblẽ nugoe gãwo ɖe ʋu me hã o elabena afisi wona be ʋuwo natɔ ɖo la didi ŋutɔ tso takpekpewɔƒea gbɔ.

5. Aleke míate ŋu adze míaƒe dzi dzadzraɖo gɔme ɖe takpekpea ŋui?

5 Ðo To eye Nàsrɔ̃ Nu: Ezra tsɔ gbedodoɖa dzra eƒe dzi ɖo be yease Mawu ƒe nya. (Ezra 7:10) Edzra eƒe dzi ɖo ɖe Yehowa ƒe nufiafia ŋu. (Lod. 2:2) Míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ɖe takpekpea ŋu gɔ̃ hã hafi atso le aƒeme ne míede ŋugble le takpekpea ƒe tanya ŋu eye míeƒo nu tso eŋu na míaƒe ƒomea me tɔwo.

6. Nukawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nu ŋu le takpekpea me? (Kpɔ aɖakaa.)

6 Le afisiwo anyinɔƒea lolo la, nukpɔkpɔ kple toɣliɖenu geɖe ate ŋu ahe míaƒe susu. Susuhenu mawo ate ŋu aɖe míaƒe susu ɖa tso nuƒola ŋu bɔbɔe. Ne edzɔ alea la, nyatakaka vevi geɖewo toa mía ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siwo dze le aɖakaa me ate ŋu ana míaƒe susu nanɔ nu ŋu geɖe wu.

7, 8. Aleke míaɖe ameŋububu afia amewo, eye ɖoɖo kae li na amesiwo metea ŋu sea nu tututu o?

7 Ðe Ameŋububu Fia: Woate ŋu azã fotoɖemɔ̃ kple videoɖemɔ̃wo le takpekpea wɔɣi, gake ele be woawɔ wo ŋudɔ esime wogakpɔtɔ nɔ anyi ɖe zikpui dzi be woagahe amewo ƒe susu o. Ele be woatsi asitelefonwo kple nyatakakaxɔmɔ̃wo be woagaɖe toɣli amewo o. Woaɖe takpekpea me nuƒowo gɔme ɖe tokunɔgbe me le Accra, Koforidua, kple Sunyani. Mele be woatsi ame ŋutɔ ƒe mɔ̃wo ɖe elɛktrik alo nyasemɔ̃wo ƒe kawo ŋu o.

8 Aleke míele mɔ kpɔm na kpekpe ɖekae be míakafu Yehowae nye esi! Neva eme be míaɖoe kplikpaa be míakafui to wɔnaa ƒe akpa ɖesiaɖe dede, toɖoɖo nyuie kple nusiwo míese tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ mee me.—Mose V, 31:12.

[Aɖaka si le axa 3]

Toɖoɖo le Takpekpea Me

▪ De ŋugble le nuƒoawo ƒe tanyawo ŋu

▪ Kplɔ nuƒolaa ɖo nàxlẽ ŋɔŋlɔawo

▪ Wɔ nuŋlɔɖi kpukpuiwo

▪ De dzesi nya vevi siwo ŋudɔ nàdi be yeawɔ

▪ Gbugbɔ to nusiwo nèsrɔ̃ la me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe