Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Nov. 15
“Míesea nyagbɔgblɔ si nye ‘Yesu ku ɖe mía ta.’ [Yɔ Yohanes 3:16.] Ðe nèbu alesi ame ɖeka ƒe ku ate ŋu aɖe mí katãe ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖo nya sia ŋu kpuie. Nyati sia si nye ‘Yesu Naa Xɔxɔ—Le Mɔ Ka Nu?’ ɖe eme wòkɔ nyuie.”
Nyɔ! Dec 8
“Ðe amegbetɔwo le nusiwo katã woate ŋui la wɔm be woatsɔ akpɔ anyigba la taa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe bua eŋu nenye be nusiwo lé agbe ɖe te le anyigba dzi la anɔ anyi tegbee. Dzidzɔtɔe la, Mawu tsɔ ɖe le nusiawo me vevie. [Xlẽ Nexemya 9:6.] Nyɔ! magazine sia dzro nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nugbagbe siwo le anyigba dzi le etsɔme ŋu la me.”
Gbetakpɔxɔ Dec. 1
“Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe tsi dzi ɖe nunana kple dɔmenyodɔ bubuwo wɔwɔ na amewo ŋu. Esia na míeɖo ŋku Sikasededea dzi. [Xlẽ Mateo 7:12.] Èbui be anya awɔ be woawɔ ɖe sedede sia dzi le ƒe bliboa mea? [Na wòaɖo eŋu] Magazine sia ana míade ŋugble le ‘Sikasededea—Viɖe Gale Eŋua?’ la ŋuti.”
Nyɔ! Dec. 8
“Biblia do ŋugbe be ŋkeke aɖe li gbɔna esime ame aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém o.’ [Xlẽ Yesaya 33:24.] Ku ɖe ŋugbedodo sia ŋu la, Nyɔ! ƒe tata sia do ŋgɔ ƒo nu tso dɔléle si gblẽa nu le ame miliɔn geɖe ŋu la ŋu, ame tsitsi kple ɖeviwo sia. ‘Mɔkpɔkpɔ si Li na Ŋuɖuidɔlélawo.’ Meka ɖe edzi be àkpɔ nufiame geɖe le nyati siawo me.”