Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 15
“Èbu be Mawu nyanya le bɔbɔea? [Na wòaɖo eŋu.] Àlɔ̃ ɖe edzi be esesẽ be míaxɔ ame aɖe si míenya tututu o dzi ase. Le nyateƒe me, Biblia de dzi ƒo na mí be míadi Mawu. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:27.] Nyati siawo fia alesi míawɔ anya Mawu nyuie mí.”
Nyɔ! June 8
“Xexeame dziɖulawo te nukpɔsusu vovovowo ŋudɔwɔwɔ kpɔ be yewoatsɔ akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔe. Wo dometɔ yeye aɖee nye dukɔwo dome kadodo. Àte ŋu axlẽ alesi afɔɖeɖe sia anya nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wò agbe dzi xoxo ŋu nya le magazine sia me. Àte ŋu axlẽ xexeame katã ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu si ŋu nya wogblɔ ɖi do ŋgɔ le Biblia me la hã.” Emegbe nàxlẽ Mateo 6:9, 10.
Gbetakpɔxɔ June 1
“Nyitsɔ laa nudzɔdzɔwo na ame geɖe bu nusita fɔmaɖila geɖewo kuna kpata ŋu. Èbu nusita amewo kuna ŋua? [Na wòaɖo eŋu, emegbe nàʋu nyaɖoɖo siwo le axa 7.] Àdi be yeanya nusi Biblia gblɔ ku ɖe nyakpakpa siawo si bɔ dometɔ ɖeka ŋua?” Ne anya awɔ la, xlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka si woyɔ.
Nyɔ! June 8
“Ame geɖe bunɛ be mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ame aɖewo xɔe se gɔ̃ hã be manya wɔ be amesi nye dzɔdzɔmeŋutinunyala nava zu mawudzixɔsela o. Nukae nèsusu tso nya sia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia na numekɔkɔ geɖe tso nyati sia ŋu eye exexlẽ adzɔ dzi na wò.”