Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Ɣeyiɣi aɖewo va yi la, wodea bubu ame tsitsiwo ŋu le teƒe geɖe, abe alesi wòdze le se sia si wode le blema me ene. [Xlẽ Mose III, 19:32.] Èsusui be wogadea bubu wo ŋu nenema egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro alesi Mawu léa be na ame tsitsiwoe kple alesi míawo hã míate ŋu alé be na woe me.”
Awake! June
“Menye nya yeyee nuvlowɔlawo ƒe amedzidzedze nye o, gake egbea la, eva zu xexeame katã ƒe kuxi, eye wòle fu ɖem na amesiame kloe. Nuka gbɔe nèsusu be nusia tso? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia si me nyawo tso Biblia me la na míenya ɣeyiɣi si me nuvlowɔlawo ƒe amedzidzedze awu enu kple alesi Mawu ahe ŋutifafa ava anyigba dzii.” Xlẽ Mixa 4:4.
Gbetakpɔxɔ
“Èsusu be anya wɔ be míakpɔ dzidzɔ togbɔ be míele kuxiwo me tom hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia gblɔ afisi míate ŋu akpɔ mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le agbe me kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me la le. Eƒo nu tso mɔkpɔkpɔ vavã si doa ŋusẽ ame hã ŋu.” Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Awake! June
“Ðe mèkpɔe be afɔku siwo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me la ɖee fia be ele vevie be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenyawo dzi oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia dzro nusiwo amesiwo tsi agbe le ahomya sesẽ si woyɔ be Katrina me srɔ̃ tso nudzɔdzɔ ma me la me. Egblɔ nuxlɔ̃amenya si dzi wòhiã be mí katã míawɔ ɖo egbea hã.” He eƒe susu yi nyati si le axa 14 lia dzi.