Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Sept. 15
“Ame miliɔn geɖe xɔe se be ŋusẽ tɔxɛ aɖe le ‘ame kɔkɔewo’ si eyata esɔ be woado gbe ɖa to wo dzi. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si Yesu Kristo gblɔ ɖa. [Xlẽ Yohanes 14:6.] Nya sia na ame geɖe bua eŋu nenye be esɔ be woado gbe ɖa to ‘ame kɔkɔewo’ dzi. Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzro nya vevi sia me.”
Nyɔ! Oct. 8
“Egbea ame geɖe tsia dzi ɖe ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze kple dɔlékuiwo zazã le aʋawɔwɔ me ŋu. Èbui be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu aɖe nuvlowɔlawo ɖa le xexeamea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ nusi Mawu ɖo be yeawɔ na mí. [Xlẽ Xezekiel 34:28.] Àkpɔ nya sia ŋuti numedzrodzro aɖewo le Nyɔ! sia me.”
Gbetakpɔxɔ Oct. 1
“Ame geɖe bua eŋu nenye be kuxi siwo katã ƒo xlã mí—abe aʋawɔwɔ, hlɔ̃dodo, kple ŋɔdzidonamenuwɔnawo ene—nu ava yi gbaɖegbe. Nukae nèsusu tso nya sia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia do ŋugbe fakɔname aɖe na mí. [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Magazine sia ɖe nusita Mawu mehe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo dona tsoa eme la va nuwuwui haɖe o la me.”
Nyɔ! Oct. 8
“Egbea ewɔ abe dzilaɖekɛƒomewo le dzidzim ɖe edzi geɖe ŋutɔ ene. Biblia na míenya be mía Wɔla la tsɔa ɖe le eme na wo. [Xlẽ Psalmo 146:9.] Nyɔ! ƒe tata sia fia alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe dzilaɖekɛwo ŋu be woahe wo viwo dzidzedzetɔe.”