INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/03 axa 4
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 9/03 axa 4

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Sept. 1

“Ame geɖe xɔe se be ameƒomea ƒe subɔsubɔhawo nye mɔ vovovo siwo ɖo ta taɖodzinu ɖeka gbɔ. Bubuwo hã xɔe se be xɔse vavã ɖeka pɛ koe li. Èbu nya sia ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Magazine sia ƒo nu tso blema lododo aɖe si kɔ biabia sia me ŋu.” Gblɔ Mateo 13:24-30 me nya vevi aɖewo kpuie.

Nyɔ! Sept. 8

“Awu siwo le tsia dzi kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe agbe dzi egbea. Ame aɖewo kpɔe be woƒoa nu tso nusiwo tɔgbe amewo dona kple woƒe dzedzeme ŋu akpa. Nukae nye wò nukpɔsusu? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Nyɔ! sia ƒo nu tso awudodo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ŋu.” Xlẽ Kolosetɔwo 3:12.

Gbetakpɔxɔ Sept. 15

“Egbea ame aɖewo senɛ le wo ɖokui me be yewoƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele kura o me. Afikae amesiwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atrɔ ɖo na kpekpeɖeŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia na kakaɖedzi mí be Mawu ƒe gɔmeɖosewoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. [Xlẽ Yesaya 48:17, 18.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe be eme nanyo ŋu.”

Nyɔ! Oct. 8

“Ŋutete si le lãwo si be kadodo te ŋu nɔa wo dome la wɔa nuku na mí. Gake ènya be ŋutete si le amegbetɔwo si de ŋgɔ kura wu le mɔ aɖewo nua? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 65:3.] Mí amegbetɔwo míedina be míaƒo nu kple Mawu, si mele nenema le lãwo ya gome o. Magazine sia ƒo nu tso alesi míawɔ ase vivi na kadodo si anɔ mía kple amewo kpakple Mawu domee ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe