Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Sept. 1
“Ame geɖe susui be ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo ŋu viɖe le la le ‘Nubabla Xoxoa’ me. Gake wobiaa wo ɖokuiwo se be ɖe mɔfiame siwo le eme agate ŋu aɖe vi na mí egbea mahã? Nu kae nèsusu tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Romatɔwo 15:4.] Magazine sia ƒo nu tso aɖaŋu nyui siwo ‘Nubabla Xoxoa’ ɖo ku ɖe gbe sia gbe gbenɔnɔ kple etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã si le mía si la ŋu.”
Awake! Sept.
“Èsusui be Mawue naa dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mose V, 32:4.] Magazine sia dzro nu si tae Mawu ɖe mɔ be dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna ɖo la me. Egblɔ nu siwo nàwɔ atsɔ akpɔ wò ƒomea ta hã.”
Gbetakpɔxɔ Sept. 15
“Madi be manya nu si nèsusu tso nya sia ŋu. [Xlẽ Mose V, 32:4.] Èbia ɖokuiwò se kpɔ be ne Mawu nye ŋusẽkatãtɔ kple dzɔdzɔetɔ la, ke nu ka tae fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe xexea me alea gbegbe ɖoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu va de asi na míaƒe ŋkekea me la me.”
Awake! Sept.
“Mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míanɔ agbe didi le lãmesẽ me. Èsusu be nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe lãmesẽnyawo nanyo ɖe edzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Lododowo 17:22.] Nyati sia dzro viɖe siwo dona tso eme ne nukpɔsusu nyuiwo le mía si la me.” Tsɔ nyati si le axa 26 lia fiae.