Ènya Dɔdamɔnu Siwo Nàtia La Nyuiea?
Dɔnɔkɔdzi siwo koa ame ʋumadomadoe la yi edzi le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo. Ðe nènya dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe ƒe mɔnu vovovo siwo li la hese wo gɔme nyuiea? Ehiã be nànya ale be nànɔ te ɖe sidzedze sia dzi awɔ tiatia le dɔdamɔnu kple dɔwɔwɔ na ame ƒe mɔnuwo ŋu. Kpɔ video si nye No Blood—Medicine Meets the Challenge. Ne èkpɔe vɔ la, anyo be nàdo gbe ɖa ahatsɔ nyabiase siwo gbɔna la adzro nu siwo nèsrɔ̃ tso eme la me.—Mide Dzesii: Esi wònye be woɖe amekoko ƒe akpa aɖewo fia le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.
(1) Susu vevi ka tae Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o? (2) Nu kae nye Yehowa Ðasefowo ƒe didi le atikewɔnyawo me? (3) Gomenɔamesi vevi kae le dɔnɔwo si? (4) Nu ka tae wònye nu si me nunya le eye wòsɔ be ame natiae be woazã atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe la na ye? (5) Ne ʋu gbogbo aɖe ɖuɖu le dɔnɔ ŋu la, nu vevi eve kawoe li siwo ŋu dɔ ɖɔktawo ate ŋu awɔ gbã? (6) Atike bubuwo zazã na ame ɖe ʋu teƒe ŋuti gɔmeɖose vevi ene kawoe li? (7) Nu kae ɖɔktawo ate ŋu awɔ be (a) ʋu nagaɖuɖu le dɔnɔa ŋu wòasɔ gbɔ o, (b) ʋumenu dzĩwo nagavɔ le ʋua me o, (d) ʋu si le lãme na dɔnɔa la ŋutɔ nadzi ɖe edzi kabakaba, eye (ɖ) ʋu si ɖuɖu le dɔnɔa ŋu la nagaɖo eteƒe? (8) Ƒo nu tso atikewɔmɔnu siwo gbɔna ŋu: (a) ʋua dzodzro; (b) ʋumenuwo xexe. (9) Nu kae nàdi be yeanya tso atike ɖe sia ɖe si woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe la ŋu? (10) Ðe woate ŋu ako ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me ne womedo ʋu nɛ oa? (11) Nu deamedzi kawo dzie atikewɔla geɖewo le lɔlɔ̃m ɖo azɔ?
Lɔlɔ̃ be woazã atikewɔmɔnu siwo woɖe fia le video sia me la dometɔ aɖewo na ame, alo wo gbegbe, nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee dzi awɔ. Èwɔ nyametsotso le dɔdamɔnu kple atike siwo nàdi be woazã na mia kple viwòwo ɖe ʋu teƒe la ŋu hekpe agbalẽvi si nye DPA (ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa) la ɖo xoxoa? Hena numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe nya siawo ŋu la, dzro “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” siwo dze le Gbetakpɔxɔ siwo nye June 15, 2004, kple October 15, 2000 me la me ŋuɖɔɖɔɖotɔe. Emegbe zã December 2006 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe tanya si nye, “Nyametsotso Kae Mawɔ Le Ʋumenu Suesuewo Alo Nye Ŋutɔ Nye Ʋu Zazã Le Atikewɔwɔ Me Ŋu?” nàtsɔ awɔ nyametsotso ku ɖe dɔdamɔnu si dzi nàlɔ̃ ɖo kple esi dzi màlɔ̃ ɖo o la ŋu. Mlɔeba la, kpɔ egbɔ be nèŋlɔ tiatia siawo ɖe wò DPA gbalẽvia dzi nyuie wòde pɛpɛpɛ. Ele be nàna ameteƒenɔla le lãmesẽnyawo me si nètia kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o hã nanya nu tso wò nyametsotsowo ŋu nyuie.