Video si He Susu Yi Afɔɖeɖe Vevi Siwo Wɔm Wole le Atikewɔnyawo me Dzi
Senyalawo kple atikewɔla bibiwo le susu trɔm ɖe dɔnɔwo ƒe nukpɔsusuwo kple woƒe gomenɔamesiwo ŋu geɖe wu. Esia na be wole dɔdamɔnu yeyewo tom vɛ siwo ate ŋu aɖe vi na Yehowa Ðasefowo. (Dɔw. 15:28, 29) Emae nye nusi koŋ dzi video si nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights la he susu yii. Mikpɔ video sia eye miadzro nusiwo miesrɔ̃ me.—Mide Dzesii: Esi wònye be woɖe dɔwɔwɔ na amewo fia kpuie le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.
(1) Nukatae atikewɔlawo gbugbɔ le ʋudodo na ame dam kpɔ? (2) Gblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo me wowɔ dɔ sesẽ na amewo ʋumadomadoe. (3) Atikewɔla kple amekola nenie le xexeame godoo siwo lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ na yewoƒe dɔnɔwo ʋumazãmazãe? Nukatae wole lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ esia? (4) Nukae numekuku siwo wowɔ le dɔnɔkɔdziwo nyitsɔ laa ɖe fia ku ɖe ʋuzazã ŋu? (5) Atikewɔwɔ me fɔku kawoe le ʋudodo me? (6) Aleke ɖɔkta bibi geɖewo ƒo nya tae ku ɖe viɖe siwo le atike bubuwo zazã ɖe ʋu teƒe ŋui? (7) Nukae fiana be ʋu mesɔ gbɔ ɖe lãme na ame o? Aleke gbegbee ametia tea ŋu nɔa te ɖe ʋu ƒe agbɔmasɔmasɔ ɖe lãme na ame nui? Nukawoe woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ ne ʋu vɔ le lãme na ame? (8) Nukawoe woate ŋu awɔ ana dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo nadzi ɖe edzi kaba? (9) Mɔnu kawo zãm wole le amekoko me be woatsɔ aɖe ʋu si ado le ame ŋu ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ? (10) Ðe atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe wɔa dɔ le ɖevi suewo hã gome kple le nɔnɔme kpata siwo me ame ƒe agbe ɖo afɔku me lea? (11) Nukae nye atikewɔwɔ me dzidzenu vevi aɖe si dzi wòle be woawɔ ɖo le dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie me? (12) Nukatae wòle vevie be Kristotɔwo nawɔ atikewɔwɔ na wo ʋumazãmazãe ŋuti nyametsotsowo do ŋgɔ? Aleke míate ŋu awɔ esiae?
Be woalɔ̃ ɖe dɔdamɔnu aɖe dzi alo womalɔ̃ ɖe edzi o la nye nyametsotso si woanɔ te ɖe ame ŋutɔ ƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee dzi awɔ. Ðe nèwɔ atike bubu siwo nàlɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu ado na mia kple viwòwo la ƒe tiatia xoxoa? Ele be nàna ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o hã nanya wò nyametsotsowo nyuie kple susu siwo ta nèwɔ nyametsotso mawo.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le June 15 kple October 15, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ me.