Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Dec. 15
“Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe dea ŋugble le Yesu ƒe dzidzi ŋu. Ènya be nusɔsrɔ̃ vevi aɖewo le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe eƒe dzidzi ŋu me na mía? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe ʋu axa 5 lia, eye nàxlẽ Timoteo II, 3:16.] Gbetakpɔxɔ sia dzro nusɔsrɔ̃ siawo dometɔ aɖewo me.”
Nyɔ! Dec. 8
“Ðe nèsenɛ le ɖokuiwò me be susu le eme be dzilawo natsɔ ɖe le alesi egbeŋkekea ƒe modzakaɖeɖe me nuvlowɔwɔwo le ŋusẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi mea? [Na wòaɖo eŋu.] Dzila geɖewo zãa Biblia me kpukpui sia wònyea mɔfiame na wo. [Xlẽ Psalm 11:5.] Nyɔ! ƒe tata sia le kpekpem ɖe ƒomewo ŋu be woadzro afɔku siwo le fefe siwo nɔa electrɔnik mɔ̃ɖaŋunuwo me la me.”
Gbetakpɔxɔ Jan. 1
“Ne amewo ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku alo dze dɔ vevie la, wogblɔna zi geɖe be, ‘Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe nusia ŋu ɖo?’ Ðewohĩ wò hã èbia nya ma tɔgbe kpɔ. Biblia ɖee fia be amesiwo kpea fu ƒe nu wɔa nublanui na Mawu [Xlẽ Yesaya 63:9a.] Magazine sia ɖe susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖe fukpekpe ɖa bliboe la me.”
Nyɔ! Jan. 8
“Ðe nèbui be ele be dziɖuɖu natsi tre ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Ke ne nyaa ku ɖe nuƒoƒo tso mawusubɔsubɔ ŋu na ame bubuwo, abe alesi míegbɔna exlẽ ge fifia ene ya ɖe? [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 28:30, 31.] Nyitsɔ laa la, wotsɔ nya sia yi United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbɔ. Míekpe wò be nàxlẽ nu tso nya sia ŋu le Nyɔ! sia me.