Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Dec. 1
“Nɔnɔme aɖe si na amegbetɔwo kple lãwo mesɔ o enye vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome ƒe ŋutete. Nublanuitɔe la, ame geɖe wɔa nu baɖawo. Nukae nèsusu be eya gbɔe wòtso? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yeremya 17:9 alo Nyaɖeɖefia 12:9.] Magazine sia dzro nusi akpe ɖe mía ŋu míanya nu nyui ahawɔe me.”
Nyɔ! Dec. 8
“Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le mɔ̃ɖaŋununya me hã la, amegbetɔwo gakpɔtɔ hiã amesiwo woadze xɔlɔ̃e kokoko. Gake ède dzesii be tɔtrɔ siwo va amegbetɔƒomea ƒe agbenɔnɔ me wɔe be esesẽ be woadze xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le egbeŋkekeawo mea? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Lododowo 18:24.] Magazine sia dzro alesi míate ŋu adze xɔlɔ̃ vavãwo ahana xɔlɔ̃dzedzea nanɔ anyi ɖaa me.”
Gbetakpɔxɔ Dec. 15
“Amewo ɖoa ŋku Yesu dzi le mɔ vovovowo nu le xexeame katã le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me. Ènya be Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe gblɔ be Yesu ƒe dzidzi ahe ŋutifafa mavɔ vɛa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 9:5, 6.] Magazine sia ɖe alesi woawɔ ahe ŋutifafa sia vɛ me.”
Nyɔ! Dec. 22
“Ède dzesii be amewo lɔ̃a nuƒoƒo le amewo ƒe dzedzeme ŋu ŋutɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro afɔku aɖewo siwo le alesi woatsi dzimaɖi akpa ɖe ame ƒe tugbedzedze alo ɖekadzedze ŋu la me. Ete gbe ɖe asixɔxɔ si le amenyenye nyuitɔ ŋu hã dzi.” Xlẽ Petro I, 3:3, 4.