Nya Siwo Míate Ŋu Agblɔ Atsɔ Ana Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe Agbalẽa
◼ Esi nèlé Biblia ɖe asi la, àte ŋu agblɔ be: “Ame geɖe siwo xɔ Mawu dzi se la adi be yewo kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Ènyae be Mawu le mía kpem be míate ɖe ye ŋua? [Xlẽ Yakobo 4:8.] Wota agbalẽ sia be wòakpe ɖe amewo ŋu be woato woawo ŋutɔ ƒe Biblia zazã dzi ate ɖe Mawu ŋu.” Xlẽ memama 1 le axa 16 lia.
◼ Esi nèlé Biblia ɖe asi la, àte ŋu agblɔ be: “Numadzɔmadzɔwɔwɔ va bɔ ŋutɔ egbea. Ðeko wòle abe alesi woɖɔe le afisia ene. [Xlẽ Nyagblɔla 8:9b.] Ame geɖe bua eŋu nenye be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí. [Xlẽ memama 4 lia si le axa 119 ƒe nyagbe gbãtɔ eveawo.] Agbalẽa ƒe ta sia ɖe nusita Mawu ɖe mɔ ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ŋu hena ɣeyiɣi aɖe me.”