Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Mar. 15
“Èbu be Yesu ƒe nufiafiawo sɔ na míaƒe ɣeyiɣia? [Na wòaɖo eŋu.] Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe se si Yesu de le zã mamlɛ si do ŋgɔ na eƒe ku me la dzi. [Xle Yohanes 15:12.] Yesu gafia nu vevi bubu aɖewo hã gbemagbe. Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia gblɔ alesi míawɔ aɖe vi tso eƒe nufiameawo mee na mí.”
Nyɔ! Apr. 8
“Ède dzesii be esesẽna na ame geɖe egbea be woadɔ alɔ̃ nyuie wòasu woa? [Na wòaɖo eŋu.] Dzimaɖitsitsi alo dzitsitsi fũ ate ŋu ahe esia vɛ. [Xlẽ Nyagblɔla 5:12.] Magazine sia ƒo nu tso nusiwo hea alɔ̃madɔmadɔ vɛ dometɔ aɖewo ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vevi aɖewo ku ɖe alesi míawɔ adɔ alɔ̃ nyuie wu la ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Apr. 1
“Nuɖuɖu si kpɔm nèle le afisiae nye esi ame geɖe yɔna be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la. [Tsɔ nɔnɔmetata si le magazinea ŋgɔ kple axa mamlɛtɔ fiae.] Ènya be esiae nye azã ɖeka kolia si wobia tso Kristotɔwo si be woaɖua? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Luka 22:19.] Magazine sia ƒo nu tso nusita azã sia le vevie kple alesi wòka wòe ŋu.”
Nyɔ! Apr. 8
“Ðe mewɔ nublanui ŋutɔ be atikevɔ̃ɖizazã gblẽ nu le sɔhɛ geɖe ŋu oa? [Na wòaɖo eŋu.] Zi geɖe nusi gbɔ kuxia tsonae nye sɔhɛwo ƒe hadede kple zɔhɛ baɖawo. [Xlẽ Korintotɔwo I, 15:33.] Nyɔ! ƒe tata sia ƒo nu tso nusiwo nana sɔhɛwo dzea atikevɔ̃ɖiwo zazã gɔme kple nusiwo dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo tae ŋu.”