Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Mar. 1
“Ame geɖewo buna be subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋu. Èxɔe se be subɔsubɔha si me ame le la kpɔa ŋusẽ ɖe eyama dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si ƒe dzi wode ƒo na mí le afi sia ɖa. [Xlẽ Yohanes I, 4:1.] Magazine sia dzro nu si míate ŋu awɔ atsɔ ado nufiafiawo akpɔ, be Mawu da asi ɖe wo dzi hã la me. Eɖe ale si subɔsubɔha vovovoawo wɔ va dzɔ hã me.”
Awake! Mar.
“Le wò nukpɔkpɔ nu la, kuxi kawoe nèbu be eya me tomee sɔhɛwo le egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawunyakpukpui sia ƒo nu tso kuxiawo dometɔ ɖeka ŋu—eyae nye ale si woawɔ atia xɔlɔ̃ nyuitɔ. [Xlẽ Lododowo 13:20.] Magazine sia dzro afɔku siwo le xɔlɔ̃dzedze le Internet dzi kple ale si sɔhɛwo ate ŋu aƒo asa nɛ la me.”
Gbetakpɔxɔ Mar. 15
“Amewo ƒoa nu tsoa Yesu Kristo ƒe vava ŋu zi geɖe. Èbu be enye nudzɔdzɔ si wòle be míanɔ mɔ kpɔm na loo alo anɔ vɔvɔ̃m naa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia ŋlɔla Yohanes gblɔ tso nya sia ŋu ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 22:20.] Magazine sia ɖe nu si Kristo ƒe vava ahe vɛ la me.”
Awake! Mar.
“Edze abe xexea me dziɖula geɖewo dana ŋutɔ ene. Ðe nèbui be nɔnɔme sia doa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le xexea mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso dada ŋu ɖa. [Xlẽ Lododowo 16:18.] Nyati sia ɖe viɖe siwo dona tsoa ɖokuibɔbɔ me la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 20 lia fiae.