Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Apr. 1
“Èse kpɔ wogblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya kple Biblia tsi tre ɖe wo nɔewo ŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nyaʋiʋli siwo ɖo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple subɔsubɔhawo dome va yi la me. Gake ena kpeɖodzi siwo fia be dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ wɔ ɖeka kple Biblia hã.” Tsɔ magazinea ƒe axa 6-7 fia amea. Emegbe xlẽ Nyagblɔla 1:7.
Nyɔ! Apr. 8
“Alekee nèsusu be dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woaƒo asa na kuxiwo le woƒe ƒewuimenɔɣi si sesẽna la mee? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 48:17, 18.] Magazine sia fia alesi Biblia me ɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woatu dzeɖoɖomɔnu nyuiwo ɖo kple wo viwo eye woade se ɖe nusiwo sɔ nu na wo.”
Gbetakpɔxɔ Apr. 15
“Nyatakaka gbogbo aɖe ŋutɔ li egbea si ŋu woanya nu atsoe, alo? [Na wòaɖo eŋu.] Gake asixɔxɔ mele naneke ŋu de nusia si ŋu woƒo nu tsoe le afisia nu o. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Magazine sia ɖe nusi nyagbɔgblɔ ‘agbe mavɔ’ fia kple alesi míawɔ be sidzedze si ana woakpɔe la nasu mía si me.”
Nyɔ! Apr. 22
“Togbɔ be ɖewohĩ ame geɖe se nu tso Yesu Kristo ŋu wu amesiame si nɔ agbe kpɔ hã la, ame geɖe menya amesi tututu wònye o. Ènya be Yesu ƒe apostolowo ŋutɔ gɔ̃ hã bu tame le nya sia ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Marko 4:41.] Magazine sia dzro nusi Biblia gblɔ tso amesi tututu Yesu nye ŋu me.”