“Mina Míaƒo Kpli Ado Eƒe Ŋkɔ Ðe Dzi”
1. Mɔnukpɔkpɔ kae asu mía si be míado Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi ɖekae, eye nukae míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe ema ŋu?
1 Hakpala la dzi ha be: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Ps. 34:4) “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna ana mɔnukpɔkpɔ mía kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso hame geɖe me be míado Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Èwɔ ɖoɖo ɖe dzeƒe, ʋuɖoɖo, kple mɔbiabia le dɔme ŋu vɔa? Nunya anɔ eme be míawɔ ɖoɖo ɖe nusiawo ŋu do ŋgɔ.—Lod. 21:5.
2. Nukatae viɖe le eme be míawɔ ɖoɖo be míava ɖo takpekpewɔƒea kaba?
2 Takpekpewɔƒea Ðoɖo: Nu geɖe li siwo gbɔ wòle be míakpɔ ne míele takpekpe yi ge. Dzodzo le aƒeme kaba ana be míatsi megbe o ne nanewo va he mí ɖe megbe vie hã, esi awɔe be míanɔ anyi ɖe game dzi ale be míakpɔ gome le hadzidzi tso dzi blibo me kple gbedodoɖa si woatsɔ aʋu takpekpea nui me. (Ps. 69:31) Ne esusɔ miniti ʋɛ aɖewo ɖoɖowɔɖia nadze egɔme la, akpa ma ƒe zimenɔla anɔ anyi ɖe nuƒolanɔƒea esime wole Fiaɖuƒehawo ƒom. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ anyi le ɣeyiɣi sia me ale be míadze ɖoɖowɔɖia gɔme le ɖoɖo nu nyuie.—Kor. I, 14:33, 40.
3. Aleke míate ŋu aɖe ameŋububu afia ne míele teƒe si míanɔ anyi ɖo la dim?
3 Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (Kor. I, 16:14) Zi geɖe ne amewo va ɖo takpekpewɔƒea le ŋdi me la, ame aɖewo nɔa du ƒum, nɔa kplakplakpla dzi, nɔa amewo tutum henɔa amewo lɔm be yewoato wo ŋu ava nɔ teƒe si nyo wu akpɔ nu nyuie, gake nuwɔwɔ alea mefia ameŋububu o. Amesiwo mia kpli wo miele ʋu ɖeka me va alo siwo le aƒe ɖeka me kpli wò koe wòle be nàlé teƒe ɖi na.—Kor. I, 13:5; Fil. 2:4.
4. Ðoɖo kawoe li ɖe ɖiɖiɖemeɣi ŋu, eye aleke esia ɖea vii?
4 Taflatse, tsɔ nusi nàɖu le ŋdɔme la ɖe asi vɛ tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea ava nɔ nuɖuɖu dim be yeaƒle. Esia ana mí katã míase vivi le hadede tuameɖowo me eye ana míanɔ anyi hafi ŋdɔme ƒe ɖoɖowɔɖia nadze egɔme. Ne ehiã la, àte ŋu atsɔ tsifago sue aɖe si ate ŋu anɔ wò zikpui te la ɖe asi vɛ. Womeɖe mɔ be míatsɔ nuɖuɖugo gãwo, nugo siwo ate ŋu agbã, kple aha muamewo va takpekpewɔƒea o.
5. Go ka hã mee wòahiã le be míawɔ nu aduadu atsɔ aɖee fia be míewɔa nuteƒe?
5 Wode dzesii be togbɔ be ame aɖewo tsɔa woa ŋutɔ ƒe nuɖuɖu tsoa aƒeme vanae be yewoaɖu le ŋdɔme hã la, woa ŋutɔwo alo wo viwo yia nudzralawo siwo le takpekpewɔƒea godo la gbɔ be yewoadze tsi fafa, aƒle ice cream, alo kpetikewo. Menye ɖeko aŋe siwo me wodea woe la zua gbeɖuɖɔ ko evɔ o, ke boŋ nuwɔna sia dea dzi ƒo na nudzralawo be woatrɔ míaƒe takpekpewɔƒea wòazu asime. Mina mía kple mía viwo siaa míadze agbagba anye amesiwo “wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me” le nya sia gome.—Luka 16:10.
6. Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ɖe nufiame si míaxɔ la ŋui?
6 Gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ aɖe Le Mía Lalam: Fia Yosafat nye amesi ‘tsɔ eƒe dzi di Mawu vavã la.’ (Kron. II, 19:3) Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo hafi takpekpea naɖo? June 8 kple May 22, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa mamlɛawo ƒo nu kpuie tso gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si woaɖo la ŋu. Nukata màdi ɣeyiɣi adzro nyati mawo me, esi awɔe be nànɔ mɔ kpɔm vevie na nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na mí oa? Míaƒe dzi dzadzraɖo fia hã be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míase nufiame siwo woana la gɔme ahawɔ wo dzi.—Ps. 25:4, 5.
7. Nukae nye míaƒe didi, eye nukatae?
7 Mí katã míedi vevie be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Mawu ƒe Nya la me, elabena míenyae be ate ŋu ana míatsi aɖo ta xɔxɔ gbɔ. (Pet. I, 2:2) Le esia ta mina míanɔ amesiwo ade “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpea la dome ale be ‘míaƒo kpli ado Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi!’—Ps. 34:4.
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Alesi Míado Mawu ƒe Ŋkɔ Ðe Dzii
◼ Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ
◼ Ðe lɔlɔ̃ fia amewo
◼ Dzra wò dzi ɖo