INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/04 axa 5
  • Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Miaƒe Agbenɔnɔ Nanyo Le Dukɔwo Dome”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔ Yehowa Sinu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nye Kpɔɖeŋuɖola le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • ‘Miti Nyuiwɔwɔ Yome Ɣesiaɣi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 11/04 axa 5

Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa

1. Nukatae wòle vevie be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa?

1 Esi míenye Mawu kɔkɔe, Yehowa, subɔlawo ta la, míedzea agbagba be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Pet. I, 1:15, 16) Esia fia be míedzea agbagba léa Yehowa ƒe dzidzenuwo me ɖe asi le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea ana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí be míaɖe agbenɔnɔ kɔkɔe afia.

2. Aleke míate ŋu aɖe agbenɔnɔ nyui afia le amedzrodzeƒewo?

2 Le Amedzrodzeƒewo Kple Dzeƒe Bubuwo: Amedzrodzeƒe aɖe si mía nɔviwo dze le ƒe si va yi me dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna le afisia dze ame ŋu ale gbegbe. . . . Amesiwo le abe miawo ene dim míele be woava dze mía gbɔ.” Ŋkuɖodzinya siwo gbɔna dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ŋkɔ nyui ma nanɔ mía ŋu ɖaa: (1) Mègana amewo nasɔ gbɔ ɖe xɔa me wu esi ŋu woɖe mɔ le o. (2) Mègaɖa nu le xɔ siwo ŋu womeɖe mɔ ɖo o me o. (3) Mègazã nusiwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo la madzemadzee o. (4) Ðe gbɔgbɔa ƒe kutsetse fia le nuwɔwɔ kple amesi wɔ amedzro na wò kple suku si me miedze ƒe nufialawo me, vevietɔ ne vovo mele wo ŋu o.—Gal. 5:22, 23.

3. Aleke Ðasefo siwo metsi o ƒe agbenɔnɔ ate ŋu awɔ dɔ ɖe amewo dzii?

3 Nɔnɔme nyui si anɔ mía si ate ŋu anye ɖaseɖiɖi nyui aɖe. Le ƒe si va yi me la, Ðasefo aɖe ƒe viŋutsuvi sue tsɔ ɖokuibɔbɔ bia amedzrodzeƒe dɔwɔla aɖe bubutɔe be wòana agbalẽ kple nuŋlɔti ye yeazã eye wòda akpe na dɔwɔlaa kakaka esi wòtsɔ wo nɛ. Esia wɔ dɔ ɖe dɔwɔlaa dzi eye wògblɔ be: “Màgakpɔ ɖevi buame siawo tɔgbe le afi aɖeke o.” Gake le teƒe aɖewo la, wode dzesii be ɖevi siwo ŋu ŋku mele o la va nɔa tsi ƒum, nɔa fefem kple ɣli, nɔa nu ƒom sesĩe, henɔa du ƒum le xɔdomemɔwo dzi. Mele be dzilawo naɖe mɔ wo viwo naɖe vovo le wo ŋu o ke boŋ ele be woalé ŋku ɖe wo ŋu ahakpɔ egbɔ be woƒe agbenɔnɔ he kafukafu vɛ na Yehowa.—Lod. 29:15.

4. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu amewo ŋu ne míele nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe?

4 Le Nuɖuɖudzraƒewo: Dɔwɔla aɖe si le nuɖuɖudzraƒe aɖe si te ɖe afisi wowɔ takpekpe aɖe le ŋu gblɔ be: “Ðasefowo to vovo kura. Wodea bubu ame ŋu ŋutɔ.” Agbenɔnɔ si sɔ bia be míagaƒo nu alo ako nu sesĩe si aɖe fu na ame bubuwo ne míele nu ɖum o. Ele be míaɖo ŋkui hã be le teƒe geɖe la, enye nusi bɔ be wowɔa dɔmenyonunana aɖe na kplɔ̃ŋusubɔlawo. Ne míele nu ɖum alo le nu nom kura gɔ̃ hã la, míedi be míawɔ nuwo katã na Mawu ƒe kafukafu.—Kor. I, 10:31.

5. (a) Nukae agbenɔnɔ nyui le takpekpewɔƒea lɔ ɖe eme? (b) Nukatae menyo be woaɖe foto atsɔ adi ga le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me o?

5 Le Takpekpea Me: Ele be míaƒe agbenɔnɔ nyui nadze vevietɔ le takpekpewɔƒea. Taflatse wɔ nusi anyinɔƒegbɔkpɔlawo adi tso asiwò, le ʋutɔtɔ ɖi kple nɔƒe didi gome. (Heb. 13:17) Ele be ƒomewo nanɔ anyi ɖe teƒe ɖeka ke menye be woaɖe mɔ na ɖeviwo kple ƒewuiviwo be woava nɔ wo tɔ ɖevi bubuwo gbɔ o. Mele be woatsi nyalémɔ aɖeke ɖe takpekpea ƒe elektrik alo nyasemɔ̃wo ƒe ka ŋu o eye ele be woazã wo nyuie be woagaɖe fu na ame bubuwo o. Ne èdi be yeaɖe foto la, mègazã fotoɖemɔ̃ si kea dzo le wo ɖokui si ne nuƒoawo le edzi yim o. Mele be fotoɖelawo nanɔ foto ɖem le takpekpewo me le gadidi ta o. “Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo menye teƒe siwo míawɔ asitsanyawo ŋudɔ le o. . . . Be míatsɔ asitsatsa aƒo ɖi Kristotɔwo ƒe hadede nyui sia me la anye bubumademade gbɔgbɔmedzidzenuwo ŋu si gbɔ eme.” (w84 7/1 axa 25, mm. 7; kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽ, axa 134, mm. 1.) Ele be woatsi nyatakakaxɔmɔ̃wo kple asitelefonwo be woagahe nyaselawo ƒe susu o. Ne afɔku aɖe dzɔ le takpekpewɔƒea la, taflatse yɔ anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe alo na Atikewɔƒe Dɔwɔƒea nanya. Atikewɔla nyuiwo li le takpekpewɔƒea.

6. Aleke míaƒe agbenɔnɔ le takpekpea me kɔa Mawu ŋui?

6 Míaƒe agbenɔnɔ na míeto vovo tso ame bubuwo gbɔ eye ekɔa mía Mawu ŋu. (Pet. I, 2:12) Ame geɖe alé ŋku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ ŋu le takpekpea me. Eyata ɖoe kplikpaa be nànɔ kɔkɔe le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðe Agbenɔnɔ Kɔkɔe Fia

◼ Wɔ ɖe se siwo katã le afisi miedze la dzi

◼ Lé ŋku ɖe viwòwo ŋu nyuie

◼ De bubu amewo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe