INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/03 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 6/03 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ June 15

“Ame aɖewo susuna be Yesue nye ame vevitɔ kekeake le ŋutinya me. Bubuwo kea ɖi nenye be enɔ anyi kpɔ gɔ̃ hã. Ðe nèbui be nusiwo míexɔna sena ku ɖe eŋu le veviea? [Ne eɖo eŋu vɔ la, xlẽ Dɔwɔwɔwo 4:12.] Nukawo koŋue ɖo kpe edzi be Yesu nɔ anyigba dzi kpɔ ŋutɔŋutɔ? Magazine sia ɖo biabia sia ŋu.”

Nyɔ! July 8

“Ame geɖe tsia dzi ɖe nutoa ŋu. Ðe nèbui be anya wɔ be woakpɔ avetsu dama siwo le anyigba dzi la taa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso agbagba yeye siwo dzem wole be woatsɔ akpɔ avewo tae ŋu. Egaƒo nu hã tso alesi Mawu ƒe ŋugbedodo nyui sia hã ava emee ŋu.” Xlẽ Yesaya 11:9.

Gbetakpɔxɔ July 1

“Amegbetɔwo ƒe nudidi vevitɔwo dometɔ ɖekae enye be míalɔ̃ amewo eye amewo nalɔ̃ mí. [Xlẽ nya siwo kpe ɖe nɔnɔmetata si le axa 4 lia ŋu.] Ke hã ède dzesii be amegbetɔwo tsɔ nu bubuwo ɖo nɔƒe gbãtɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nusi lɔlɔ̃ vavãtɔ nye kple alesi woawɔ atui ɖo ŋu.” Xlẽ Korintotɔwo I, 13:2.

Nyɔ! July 8

“Ŋutasẽnuwɔwɔ manyatalenu siwo le dzidzim ɖe edzi nye nusi le fu ɖem na amewo vevie. [Gblɔ esi wonya le nutoa me ƒe kpɔɖeŋu, eye nàna wòaƒo nu.] Magazine sia dzro nusiwo hea ŋutasẽnuwo wɔwɔ vɛ dometɔ aɖewo me. Egagblɔ alesi Mawu aɖe nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖa keŋkeŋ tegbee.” Xlẽ Psalmo 37:10, 11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe