Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 1
“Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be míagakpɔ amea ake. Alo mele eme oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋugbe si Biblia do ku ɖe tsitretsitsi ŋu la fa akɔ na ame geɖe. [Xlẽ Yohanes 5:28, 29.] Magazine sia ƒo nu tso ɣeyiɣi si me woafɔ amewo ɖe tsitre kple amesiwo koŋ wòaɖe vi na ŋu.”
Nyɔ! May 8
“Dzila geɖe tiaa nusiwo woɖea mɔ na wo viwo be woakpɔ me. Ðe nède dzesii be video siwo nyo be wò ƒomea nàkpɔ la didi va le sesẽma? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Efesotɔwo 4:17.] Magazine sia dzro alesi dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatia modzakaɖeɖe si nyo me.”
Gbetakpɔxɔ May 15
“Èka ɖe edzi be míava nɔ agbe le xexe aɖe si me ahedada manɔ o me gbaɖegbea? [Na wòaɖo eŋu.] Se nusi ŋugbe Mawu do ɖa. [Xlẽ Yesaya 65:21.] Gbetakpɔxɔ sia dzro alesi ŋugbedodo sia awɔ ava emee la me.” Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi be miadzro nyabiase sia me: Ɣekaɣie tɔtrɔ sia si ŋugbe wodo la ava eme?
Nyɔ! May 22
“Ame akpa gãtɔ see be kamedede nana wonɔa lãmesẽ me nyuie, gake ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be yewomedea kame edziedzi alesi dze o. Alo menye nenemae oa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro viɖe siwo le kamedede edziedzi ŋu me eye wòfia mɔ aɖewo siwo dzi míate ŋu ato awɔe togbɔ be vovo menɔa mía ŋu o hã.”