Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ July 1
“Mí katã míenya ame aɖewo siwo dze abe ɖe nu dze edzi na wo ene, gake wosena le wo ɖokui me be nane bu le yewoƒe agbe me. Èsusu be nuka dim wole? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 5:3.] Magazine sia dzro nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzeme la me—eyae nye míaƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.”
Nyɔ! July 8
“Le egbegbe dɔwɔnyawo si me ame ʋɛ aɖewo koe woxɔna le ame gbogbo siwo dia dɔ dome la, dɔmakpɔwɔe ye va zu kuxi gãtɔ kekeake na amewo. Magazine sia fia mɔnu atɔ̃ siwo akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ dɔ awɔ. [He susu yi tanya sue siwo le nyati si nye “Nu Vevi Atɔ̃ Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dɔ Awɔ” me dzi.] Eɖo aɖaŋu nyui aɖewo hã siwo akpe ɖe mía ŋu be dɔa nakpɔtɔ anɔ mía si.” Xlẽ Lododowo 22:29, si me nyawo dze le axa 10 lia.
Gbetakpɔxɔ July 15
“Le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la, amegbetɔwo va xɔ nu vovovowo dzi se. Èsusu be anɔ bɔbɔe be woade dzesi dzixɔse si nye anukwaretɔ kple esi nye aʋatsoa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso afisi nàkpɔ nufiafia vavãtɔ siwo dzea Mawu ŋu la le ŋuti.” Xlẽ Timoteo II, 3: 16.
Nyɔ! July 22
“Enyea dzigbãnya gã aɖe ŋutɔ be woakpɔ fukpekpe siwo dzɔdzɔmefɔkuwo hena vɛ la teƒe. [Gblɔ mia gbɔ kpɔɖeŋu aɖe.] Ðe nèsusu be afɔku siawo le dzidzim ɖe edzia? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nyabiase sia me. Efa akɔ hã na amesiwo bu woƒe ame veviwo le afɔku siawo tɔgbe me.” Xlẽ Yohanes 5:28, 29.