Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe Agbalẽa Nana
◼ “Èsusu be xexeame anya anɔ wu ne amewo nɔ agbe ɖe nya sia nua? [Xlẽ Mateo 7:12a. Azɔ na wòaɖo eŋu.] Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ ƒe nufiame geɖewo le agbalẽ sia me.” He susu yi nɔnɔmetata siwo le ta 17 lia me kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ la dzi.
◼ “Dzila geɖe dzea agbagba egbea be yewoaƒã agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenu nyuiwo ɖe yewo viwo me. Èsusu be esia le veviea? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Lododo 22:6.] De dzesii be wode dzi ƒo na dzilawo be woadze wo viwo hehe tso vidzĩme ke. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ esia.” He susu yi nɔnɔmetata siwo le ta 15, 18, alo 32 lia kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ la dzi.
◼ “Zi geɖe la dzilawo ƒe mo wɔna yaa le nya aɖewo siwo wo viwo biana wo ŋu. Nya siawo dometɔ aɖewo ŋu ɖoɖo sesẽ, alo? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Timoteo II, 3:14, 15.] Timoteo dada kple mamaa fia nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ la eyama tso vidzĩme ke. Agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woawo hã nafia nu wo viwo egbea.” He susu yi nɔnɔmetata kple nusiwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ dometɔ ʋɛ aɖewo dzi le ta 11 kple 12 alo ta 34 vaseɖe 36 dzi.