Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Apr. 1
“Esi wònye be wole anyigba dzi nuwo dome gblẽm ta la, èbia ɖokuiwò se kpɔ be, ɖe anyigba la ayi edzi anɔ anyi ɖaa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ŋugbedodo fakɔname sia ɖa. [Xlẽ Psalmo 104:5.] Nyati sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso anyigba la ƒe etsɔme ŋu la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.
Awake! Apr.
“Esi dɔ geɖe le mía ŋu míawɔ ta la, esesẽna na ame geɖe be woadi ɣeyiɣi atsɔ asubɔ Mawu. Ðe esia wɔwɔ sesẽna na wò hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Efesotɔwo 5:15-17.] Nyati sia ƒo nu tso numeɖeɖe si me susu le si Biblia na ku ɖe ɣeyiɣi kple ŋusẽ agbɔsɔsɔme si Mawu di be míatsɔ asubɔ ye la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 20 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ May 1
“Ame geɖe gblɔna be nu si yewoate ŋu akpɔ ko dzie yewoaxɔ ase. Èda asi ɖe nya ma dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Romatɔwo 1:20.] Magazine sia ƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔme etɔ̃ siwo dzena nyuie míekpɔna le eƒe nuwɔwɔwo me ŋu, eye wòdzro ale si nɔnɔme siawo nyanya ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi la me.”
Awake! May
“Egbea la, ame geɖe vɔ̃na na etsɔme. Èsusu be nuwo ava ka ɖe eme loo alo be nuwo ava gblẽ ɖe edzi kura? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Magazine sia ƒo nu tso nu si ta kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be eteƒe madidi o Mawu akpɔ kuxi sesẽ siwo gbɔ ameƒomea metea ŋu kpɔna o la gbɔ la ŋu.”