Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ May 15
“Míesea ŋutasẽnuwɔnawo ŋuti nyatakakawo gbesiagbe. Èbui be nɔnɔme siawo nɔ anyi kpɔ va yia? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ Mateo 24:37.] Ŋutasẽnuwɔnawo yi edzi le Noa ƒe ŋkekeawo me ale gbegbe be Mawu tsrɔ̃ amesiame, negbe Noa kple eƒe ƒomea ko. Magazine sia fia alesi gɔmesese le nudzɔdzɔ mawo ŋu na mí egbeae.”
Nyɔ! June 8
“Egbea la, dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ la nye míaƒe lãmesẽkuxi gbogboawo dometɔ ɖeka. Ènya be afɔ aɖewo li míaɖe atsɔ akpɔ mía ɖokui taa? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Magazine sia ƒo nu tso afɔɖeɖe mawo, kpakple ɣeyiɣi aɖe si me dɔléle maganɔ anyi o si ƒe ŋugbe Biblia do la ŋu.” Xlẽ Yesaya 33:24 tsɔ ƒo dzeɖoɖoa tae.
Gbetakpɔxɔ June 1
“Ga siwo amewo dzɔna hena dɔmenyodɔwo wɔwɔ la dome gbegblẽ ŋuti nyatakakawo na amewo biana be ɖe nunya gale eme be woadzɔ ga mawo hã. Ke hã, ame gbogbo aɖewo le hiahiã me. Nukae nèbu be míate ŋu awɔ? [Ðe mɔ wòaƒo nu. Emegbe xlẽ Hebritɔwo 13:16.] Magazine sia ƒo nu tso nunana si ƒomevi dzea Mawu ŋu la ŋu.”
Nyɔ! June 8
“Edze abe amewo megadea bubu agbenyuinɔnɔsewo kple nɔnɔme nyuiwo ŋu egbea abe alesi wònɔ tsã ene o. Wò hã ède dzesiia? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Nukutɔe la, Biblia gblɔ nya sia ɖi. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-5.] Nyɔ! ƒe tata sia ƒo nu tso nusita amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu le tɔtrɔm kple nusi etsɔ ahe vɛ na mí la ŋu.”