INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/05 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 9/05 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Sept. 1

“Nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme nyui aɖe si ame geɖe kafuna le egbe xexeame gake zi geɖe la, ame ʋɛ aɖewo koe wɔa nuteƒe. Ðe manyo ŋutɔ ne ame geɖe ƒe nɔnɔme ɖi xɔlɔ̃ si ŋu woƒo le le afisia oa? [Xlẽ Lododowo 17:17, eye emegbe nàna wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro viɖe siwo dona tsoa nuteƒewɔwɔ na míaƒe ƒomea kple na mía xɔlɔ̃wo me la me.”

Nyɔ! Sept. 8

“Ðewohĩ nuwɔwɔ aduadu si dzena le dzɔdzɔmenuwo dome la wɔa nuku na wò. [Yɔ kpɔɖeŋu siwo wogblɔ le nyatia me dometɔ ɖeka.] Ðe mewɔ nublanui ŋutɔ be nuwɔwɔ aduadu si de ŋgɔ wu esia mele amegbetɔwo ya dome oa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe alesi Mawu ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ava míaƒe anyigbaa dzii kpuie la me.” Xlẽ Yesaya 11:9.

Gbetakpɔxɔ Sept. 15

“Amewo le xexeame godoo se nu tso Yesu Kristo ŋu kpɔ. Ame aɖewo gblɔna be ame tɔxɛ aɖe ko wònye. Ame bubu aɖewo hã dea ta agu nɛ abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Amekae nèsusu be Yesu Kristo nye? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia gblɔ amesi tututu wònye, afisi wòtso, kple afisi wòle fifia na mí.” Xlẽ Yohanes 17:3.

Nyɔ! Sept. 22

“Ŋutete mele ame geɖe si be woakpɔ teƒe nyui si woaziɔ ta ɖo o. Èsusu be amesiame ava kpɔ aƒe nyui me anɔ gbeɖekaa? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia ƒo nu tso nyatakaka yeye siwo ku ɖe aƒemanɔamesi ƒe kuxia ŋuti. Egblɔ nusita wòle be míaka ɖe edzi hã be ŋugbe sia si Mawu do la ava eme godoo.” Xlẽ Yesaya 65:21, 22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe