Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Dec. 1
“Ne amewo se ‘Harmagedon’ ŋkɔ la, nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe si me ame gbogbo aɖewo atsrɔ̃ le ye vaa wo dometɔ geɖe ƒe susu me. [Tsɔ aɖaka si le axa 3 fiae.] Ðe wòawɔ nuku na wò ne wogblɔ na wò be Harmagedon nye nudzɔdzɔ nyui siwo míate ŋu akpɔ mɔ na la dometɔ ɖekaa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe nya sia me.” Xlẽ Petro II, 3:13.
Nyɔ! Dec. 8
“Medi be magblɔ ɣeyiɣi si me amesiame akpɔ aƒe nyui me anɔ ŋu nya na wò. Ðe mewɔ nublanui ŋutɔ be ame geɖe mekpɔ aƒe anɔ eme oa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 65:21, 22.] Magazine sia ƒo nu tso nusiwo gbɔ aƒemanɔamesi ƒe kuxia tso ŋu. Eɖe alesi Mawu awɔ be ŋugbedodo si míexlẽ fifia nava eme la hã me.”
Gbetakpɔxɔ Dec 15
“Ame geɖe kpɔe be azãɖuɖuwo trɔ va le gadimɔnuwo zum, eye esia ɖea fu na wo ŋutɔ. Èbui be taɖodzinu si tututu le azã siawo ŋu la le tɔtrɔma? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso alesi taɖodzinu si le azãwo ŋu le tɔtrɔm esi ɣeyiɣiawo va le yiyim ŋu. Egblɔ alesi míate ŋu ade bubu vavãtɔ Mawu kple Kristo ŋui hã.” Xlẽ Yohanes 17:3.
Nyan! Dec 22
“Ƒe 85 aɖewo enye esia la, dɔxɔleameŋu aɖe wu ame gbogbowo le kwasiɖa 24 ko me wu amesiwo AIDS wu le ƒe 24 me. Ame aɖewo gblɔ be eyae nye fuwɔame vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ le ŋutinya me kpɔ. Èse nu tso Spaniatɔwo ƒe dzamezã ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be nusia tɔgbe agate ŋu adzɔ. Egblɔ susu si ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si hã.” Xlẽ Yesaya 33:24.