Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Aug. 1
“Ebɔ egbea ŋutɔ be míakpɔ amewo woanɔ funyafunya wɔm wo haviwo. Èsusu be nuwo atrɔ ne amewo wɔ ɖe Yesu ƒe nya siawo dzia? [Xlẽ Mateo 7:12. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia zã Biblia tsɔ ɖe alesi woava de asixɔxɔ si wòle be woade amegbetɔwo ŋui la me.”
Awake! Aug.
“Mí katã míetsɔ ɖe le atikewɔmɔnu nyui me. Ðe nènya be egbea, ɖɔkta geɖe megale lɔlɔ̃m be yewoado ʋu na amewo oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe nusitae la me. Ezã Biblia tsɔ ɖe nusitae Mawu bua ʋu be enye nu xɔasi la hã me.” Xlẽ Mose III, 17:11.
Gbetakpɔxɔ Aug. 15
“Míadi be míanya wò nukpɔsusu le nya aɖe si Yesu gblɔ ŋu. [Xlẽ Mateo 5:5.] Ne ŋugbedodo sia va eme la, èsusu be nɔnɔmeawo agakpɔtɔ anɔ abe alesi wòle le anyigba dzi fifia enea? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia na ŋuɖoɖo si tso Biblia me ku ɖe alesi Yesu ahe tɔtrɔwo ava anyigba sia dzii ŋu. Egaƒo nu tso amesiwo anyi anyigba la dome hã ŋu.”
Awake! Aug.
“Èsusu be míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ ŋugbe si Yesu do ku ɖe ame kukuwo ŋu ɖa. [Xlẽ Yohanes 5:28, 29.] Magazine sia ƒo nu le nusi Biblia gblɔ tso nusi dzɔna ne ame ku ŋu.” He eƒe susu yi nyati si dze le axa 28 lia dzi.