INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/05 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 8/05 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Aug. 1

“Viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme le fu ɖem na ame geɖe egbea. Kpekpeɖeŋu kae nèsusu be woate ŋu ana amesiawo? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me.” Dzro nya vevi siwo le mawunyakpukpui siwo ƒe nuŋɔŋlɔwo tò la me le nyati si nye “Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ” me.

Nyɔ! Aug. 8

“Vɔvɔ̃ ɖoa ame geɖe ɣesiaɣi le agbe me. Nuka gbɔe nèsusu be dzodzodzoetsitsi ƒe nɔnɔme sia tso? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖo aɖaŋu siwo me nunya le be míatsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso afɔku siwo dzɔna edziedzi la me. Edzro ŋugbedodo siwo le Biblia me ku ɖe xexe si me vɔvɔ̃ manɔ o la hã me.” Xlẽ Yesaya 11:9.

Gbetakpɔxɔ Aug. 15

“Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, ame geɖe dina be yewoanya nusi tututu dzɔna ɖe amea dzi. Èsusu be anɔ bɔbɔe be míanya nusi dzɔna ɖe ame dzi le ku mea? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nya si Biblia gblɔ ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le la ŋu na mí. Eƒo nu hã tso ŋugbe si Mawu do ŋu be yeafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre.” Xlẽ Yohanes 5:28, 29.

Nyɔ! Aug. 22

“Ènya be wobua modzakatsaɖiɖi be eʋua dɔwɔɖui ƒe mɔnukpɔkpɔ gãwo ɖi na ame gbogbo aɖewo wu nu bubu ɖesiaɖea? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le modzakatsaɖiɖi me ɖe vi geɖewo gake egahe kuxiwo hã vɛ. Magazine sia dzro tsaɖiɖi sia ƒe viɖewo kple nusiwo wògblẽna le ame ŋu la me. Eɖo aɖaŋu nyui aɖewo hã na dukɔwo dome modzakatsaɖilawo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe