Trɔ Yi Ame Siwo Katã Ðe Ðetsɔleme Aɖe Fia La Gbɔ
1 Mía dometɔ geɖe le nyateƒea me egbea le esi ame aɖe de dzesi ale si míetsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me eye wòdze agbagba trɔ va mía gbɔ—ɖewohĩ zi geɖe—be yeava tu ɖetsɔleme ma ɖo la ta. Ele be míawo hã míadze agbagba vevie atrɔ ayi ame siwo katã ɖe ɖetsɔleme aɖe fia la gbɔ. Le nyateƒe me la, tɔtrɔyiwo wɔwɔ nye dɔ si wode asi na mí be míawɔ “nusrɔ̃lawo” la ƒe akpa aɖe.—Mat. 28:19, 20.
2 De Dzesi Ðetsɔlemea: Ne ame aɖe mexɔ agbalẽ o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ ale si wòɖo moe, gbe si wòtsɔ ƒo nui, alo nya siwo wògblɔ ate ŋu aɖee afia be etsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me va se ɖe afi aɖe ya teti. Ema dzie míanɔ te ɖo awɔ tɔtrɔyi. Le kwasiɖa ɖe sia ɖe me la, nɔviŋutsu aɖe yi ame aɖe gbɔ tsia ɖe enu kwasiɖa atɔ̃ sɔŋ, evɔ amea melɔ̃ xɔ míaƒe agbalẽ aɖeke o. Le eƒe yiyi zi adelia me la, amea lɔ̃ xɔ míaƒe agbalẽwo azɔ, eye wova dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme mlɔeba.
3 Ne ède dzesi ɖetsɔleme aɖe le ame aɖe me la, trɔ yi egbɔ kaba, ɖewohĩ le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe. Mègana mɔnukpɔkpɔ “vɔ̃ɖitɔ la” be wòava fi nu si nèƒã ɖe amea ƒe dzi me la o. (Mat. 13:19) Ne èwɔ ɖoɖo kple ame aɖe be yeatrɔ ava egbɔ le ŋkeke kple game aɖe dzi la, kpɔ egbɔ be yewɔ ɖe edzi.—Mat. 5:37.
4 Le Ablɔdziɖaseɖiɖi Me: Ðe nèdzea agbagba trɔna yia ame siwo ɖea ɖetsɔleme fiana le wò ablɔdziɖaseɖiɖi alo le wò vomeɖaseɖiɖi me la gbɔa? Le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu la, àte ŋu agblɔ be: “Míaƒe dzeɖoɖoa vivi nunye ŋutɔ. Afi kae mate ŋu ake ɖe ŋuwò le ne míagaɖo dze ake?” Le teƒe siwo wòasɔ le la, gbeƒãɖela aɖewo ate ŋu atsɔ woƒe telefon xexlẽdzesi ana ɖetsɔlemetɔa alo axɔ eya hã tɔ. Ne amewo kpɔa wò le ablɔdzi edziedzi la, ɖewohĩ womahe ɖe megbe le woƒe telefon xexlẽdzesi tsɔtsɔ na wò loo, alo le woƒe aƒeme fiafia wò me o. Ne wogbe ale si nàwɔ ake ɖe wo ŋu gbɔgblɔ na wò gɔ̃ hã la, àte ŋu adze agbagba atu woƒe ɖetsɔlemea ɖo ne ègado go wo ake le ablɔ dzi.
5 Ne míekpɔ seƒoƒo aɖe si míedo, helé be na nyuie wòtsi va dze ani la, míaƒe dzi dzea eme eye míekpɔa dzidzɔ hã ŋutɔ. Nenema kee dzi adzɔ míi ne míewɔa tɔtrɔyiwo hekpena ɖe amewo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. (Kor. I, 3:6) Ðoe wò taɖodzinui be yeatrɔ ayi ame siwo katã ɖe ɖetsɔleme aɖe fia la gbɔ.