INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/07 axa 6
  • Nu Kae Nàwɔ Le Agbe Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nàwɔ Le Agbe Me?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video Si Nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Akpa 1)
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Video Si Nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Akpa 2)
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Na Wò Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 4/07 axa 6

Nu Kae Nàwɔ Le Agbe Me?

1 Wobiana ɖeviwo ɣeaɖewoɣi be, “Dɔ kae nàdi be yeawɔ ne ètsi?” Esi nènye ŋutsuvi sue ɖe, ɖe wòanye be èɖo nya sia ŋu be yedi be yeanye bɔlƒola xɔŋkɔ aɖea? asitsala gã aɖea? nutome sue dzikpɔlaa? Alo esi nènye nyɔnuvi sue ɖe, ɖe wòanye be èɖo nya ma ŋu be yedi be yeava nye hadzila xɔŋkɔ aɖea? ɖɔktaa? dutanyanyuigblɔlaa? Fifia si nètsi la, ele be nàbia nya bubu aɖe ɖokuiwò be, ‘Nu kae mawɔ le agbe me?’ Èle klalo be nàtia nu si nàdi be yeawɔa?

2 Be woakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuitɔ la, Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ video si le DVD dzi, si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Sɔhɛwo Biana Be—Nu Kae Mawɔ Le Agbe Me?) Míeɖe kuku, kpɔe, eye nàde ŋugble le emenyawo katã ŋu nyuie, dramaa, gbebiameawo, kple nya bubuawo hã le eme. Àkpɔ nu vovovo siwo le videoa dzi le aɖaka si nye “Main Menu,” alo “Emenyawo Diƒe,” la me.

3 Drama La: Esi nèle drama la kpɔm la, de ŋugble le nyabiabia siawo ŋu: (1) Go kawo mee Timoteo, ame si ŋu woƒo nu tsoe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, kple Andre sɔ le? (Dɔw. 16:1; Tim. I, 4:8; Tim. II, 1:5) (2) Aleke woƒo nya ɖe Andre nui be wòava zu ame xɔŋkɔ aɖe le duƒuƒu mee, eye ame kawoe ƒoe ɖe enu? (3) Ame kawoe kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Timoteo kple Andre dzi, eye le mɔ kawo nu? (Tim. II, 1:1-4; 3:14, 15) (4) Aleke nuxlɔ̃amenya siwo le Mateo 6:24 kple Filipitɔwo 3:8 kpɔ ŋusẽ ɖe Andre dzii, eye aleke wokpɔa ŋusẽ ɖe wò hã dziwòe?

4 Drama La Ƒe Akpa Tɔxɛ Aɖewo: Ne èkpɔ drama bliboa wu enu la, gbugbɔ kpɔ akpa siwo gbɔna la, eye nàɖo biabia siawo ŋu. “Paul and Timothy”: (Paulo kple Timoteo) Aɖaŋu mamlɛ kae Paulo ɖo na Timoteo? (Tim. II, 4:5) “Giving Jehovah Your Best”: (Tsɔ Wò Nu Vevitɔ Na Yehowa) Gbɔgbɔmetaɖodzinu kawoe nèɖo na ɖokuiwò? “Taking a Stand for Jehovah”: (Yehowa ƒe Akpa Dzi Nɔnɔ) Nu kae nana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ? “Grandmother’s Advice”: (Mama Ƒe Aɖaŋuɖoɖo) Nu kae gblẽ le didi be woazu ame ŋkuta le Satana ƒe xexea me ŋu? (Mat. 4:9) “No Regrets”: (Mete Ðe Wo Dzi O) Nu ka nyanyae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzedze le agbe me?—Lod. 10:22.

5 Gbebiamewo: Èsi nènɔ gbebiame siwo gbɔna la sem la, nu kae nèkpɔ be yeate ŋu awɔ, bene nàtsɔ wò nu vevitɔ ana Yehowa? (1) “Dedication to Vain Pursuits or to God?” (Àdze Nu Dzodzrowo Yome Loo Alo Àtsɔ Ðokuiwò Ana Mawu?) (Yoh. I, 2:17) (2) “Learning to Enjoy Your Ministry” (Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Le Subɔsubɔdɔa Me) (Ps. 27:14) kple (3) “An Open Door to Service” (Subɔsubɔdɔa Ƒe Mɔnu Siwo Le Ʋuʋu Ði).—Mat. 6:33.

6 Tɔtrɔ Akpɔ Megbe: Àte ŋu aɖo wo ŋua? (1) Agbemedɔ kawo yomee nɔviŋutsua kple nɔvinyɔnua nɔ titim, eye nu ka tae? (2) Aleke wokpɔ dzidzedzee? (3) Ɣekaɣie nuwo va trɔ wòɖe dzesi le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe me? (Kor. II, 5:15) (4) Teokrasidɔ kawoe va xɔ ɖe esiwo wɔm wonɔ tsã la teƒe, eye nu ka tae wokpɔe be yewomate ŋu ati evea siaa yome o? (5) Ðe wòte ɖe wo dzi be yewoƒe susuwo va trɔ le nu si yewobuna nu vevitɔe tsã le agbe me ŋua? (6) Nya kawoe wogblɔ si ʋa wò vevie be nèbu nu si wòle be nàwɔ le agbe me ŋu?

7 Gbebiame Bubuwo: Le gbebiame siawo me la, nu kawoe nèsrɔ̃, siwo nèkpɔ be woate ŋu akpe ɖe ye ŋu yeawɔ geɖe wu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me? (1) “The Value of Personal Study,” (Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ƒe Vevienyenye) (2) “Alternative Witnessing,” (Ðaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Bubuwo Zazã) (3) “Bethel Service,” (Betel Subɔsubɔdɔ) (4) “Gilead Missionary Training,” (Gilead Suku si Naa Hehe Dutanyanyuigblɔlawo) kple (5) “Ministerial Training School” (Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku). Dzro akpa si nye “Index to Published Information on Related Subjects” (Nyadiƒe) me, ale be nàte ŋu axlẽ nu tso wo dometɔ si doa dzidzɔ na wò wu la ŋu.

8 Ðe nètso nya me le nu si nèdi be yeawɔ le agbe me ŋu xoxoa? Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.” (Tim. I, 4:15, NW) Míele dzi dem ƒo na wò be wò hã nàwɔe alea ke le nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse le video sia me la gome. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuitɔ si akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme le agbe me fifia, eye wòawɔe hã be etsɔme si me dzidzɔ le nasu asiwò.

[Aɖaka si le axa 6]

MAIN MENU (EMENYAWO DIƑE)

Play Drama

Scenes (11 selections)

Interviews

Play All

Sections (3 selections)

Looking Back

Supplementary Material

Supplementary Interviews

Index to Published Information on Related Subjects

Subtitles

Hearing Impaired

None

To navigate around the menus, use the Next ▶, ◀ Back, and Main Menu buttons.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe