Video Si Nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Akpa 1)
Ne sɔhɛwo le tsitsim la, ele be woawɔ nyametsotso veviwo le agbe me. Wotrɔ asi le video si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?) ŋu be wòakpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me. Gbã la, tia Play Drama le main menu (emenya veviwo) me, eye ne èkpɔe vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siwo le memama 2 lia si le ete la me hã. Esia megbe la, tia Interviews le emenya veviawo me, eyome tia Looking Back, eye ne èkpɔe vɔ la, dze agbagba nàɖo nyabiase siwo le memama 3 lia me ŋu.
Akpa Si Nye Drama: (1) Mɔ kawo nue Timoteo ƒe nɔnɔmea sɔ kple Kristotɔ sɔhɛ geɖewo tɔ egbea le? (2) Aleke woƒo nya ɖe Andre nu be wòado vevie nu le kamedefefe me? (3) Nya kae Nɔviŋutsu Fleissig gblɔ na Andre (a) tso ame ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa kple veviedodo nu le kamedefefe me ŋu? (Mat. 6:24) (b) tso nu si gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona ŋu? (d) tso nu si dzi agba goboe si wòxɔ tso fuwɔamegaxɔ me la ɖoa ŋkui nɛ ŋu? (ɖ) tso ame siwo kpe ɖe woa kple srɔ̃a ŋu le fotoa me la ŋu? (e) tso ale si wòse le eɖokui me esime wòɖe asi le eƒe ŋutilãmetaɖodzinuwo ŋu la ŋuti? (Flp. 3:8) (4) Esi Andre bia mamaa be, “Ðe wògblẽ be medi be mazu duƒula xɔŋkɔa?” la, aleke mamaa ɖo eŋu nɛ? (Luka 4:5-7) (5) Esi Andre xɔ gbã le duɖimekekea me la, ɖe wòkpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔa? (6) Nu kae do dzidzɔ na wò le Nɔviŋutsu Fleissig ƒe lɛta mamlɛ si wòŋlɔ na Andre la ŋu? (Lod. 10:22) (7) Nu kae Nɔviŋutsu Fleissig kpe ɖe Andre ŋu wòva nya?
Akpa Si Nye Looking Back: (8) Agbemedɔ kawo wɔm nɔviŋutsua kple nɔvinyɔnua nɔ, eye susu ka tae? (9) Aleke gbegbe wokpɔ dzidzedzee? (10) Nu kae na wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe asi le eƒe dɔa ŋu hetia agbemedɔ bubu? (2 Kor. 5:15) (11) Teokrasidɔ kawoe va xɔ ɖe dɔ siwo wowɔna tsã teƒe, eye nu ka tae wose le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu awɔ evea siaa le ɣeyiɣi ɖeka me o? (12) Ðe wòve wo be yewotrɔ yewoƒe agbemetaɖodzinua? (13) Nya kae wogblɔ si na nède ŋugble vevie le ale si wòle be nàzã wò agbee ŋu?
Míele dzi dem ƒo na wò be nàkpɔ video la ƒe gbebiame susɔeawo kple akpa si nye supplementary material la, ale be nànɔ klalo aɖo nya ŋu ne míele wo me dzrom le Subɔsubɔ Kpekpea me le kwasiɖa si gbɔna me.