Video Si Nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Akpa 2)
Ne èʋu Young People Ask—What Will I Do With My Life? video la ƒe main menu (emenya veviwo) la, tia akpa si nye Interviews, eyome tia Sections (si me video la ƒe ɖeɖefia etɔ̃ le). Ne èkpɔ ɖeɖefiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, zã nyabiase siwo le memama 2 lia me nàtsɔ ato wo me. Emegbe gbugbɔ yi afi si emenya veviawo le eye nàtia akpa si nye Supplementary material, eye ne èkpɔ supplementary interviews ƒe gbebiame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, zã nyabiase siwo le memama 3 lia me nàtsɔ ato wo me.
Akpa Si Nye Sections—Dedication to Vain Pursuits or to God: (1) Taɖodzinu kawo yomee woƒoa nya ɖe sɔhɛwo nu be woati? (2) Aleke 1 Yohanes 2:17 ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woatso nya me le afi si woade suku ase ɖo ŋu? (3) Nu ka tae mele be míavɔ̃ na nyɔnyrɔxɔxɔ o? (4) Nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋgɔyiyi aɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ la dometɔ aɖewo ɖe? Learning to Enjoy Your Ministry: (5) Nu ka tae ame aɖewo mekpɔa dzidzɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o? (6) Nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu la dometɔ aɖewo ɖe? (7) Nu kae ame aɖewo vɔ̃na tsɔ wu nuƒoƒo na ame aɖe si womenya o gɔ̃ hã, eye nu ka tae? (8) Aleke míate ŋu aɖu míaƒe vɔvɔ̃awo dzi ahatu nuƒoƒo dzideƒotɔe ƒe ŋutete ɖo? (9) Nu ka tae wòle vevie hã be míasrɔ̃ gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe aɖaŋu aɖewo? An Open Door to Service: (10) Aleke mɔɖeɖedɔa ʋua gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖewo ɖi na ame? (Flp. 3:16) (11) Nu ka tae ame aɖewo hena ɖe megbe le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu? (12) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu dzimaɖitsitsi ɖe ale si míakpɔ míaƒe ganyawo gbɔe ŋu dzi? (13) Nu kae ame aɖewo wɔ te ŋu kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ esime wole mɔɖeɖedɔa wɔm? (14) Ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ na ame aɖe be wòawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o la, nu kae wòate ŋu awɔ?
Akpa Si Nye Supplementary material—The Value of Personal Study: (15) Nu ka tae ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe numame nyui me léle ɖe asi le vevie? Alternative Witnessing (si yɔm míele fifia be dutoƒoɖaseɖiɖidɔ): (16) Aleke gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo me ana míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu? Bethel Service: (17) Dzidzɔ siwo le Betel subɔsubɔdɔa me la dometɔ aɖewo ɖe? Ministerial Training School: (18) Aleke suku sia (si yɔm míele fifia be Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku) la dede ɖe vi na ame aɖewo? Gilead Missionary Training: (19) Aleke Peter kple Fiona dzra wo ɖokuiwo ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu, eye aleke Gilead Sukua ɖe vi na woe?