Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Míesea ame siwo wɔa nu vɔ̃ɖiwo ŋu nya gbe sia gbe kloe. [Gblɔ nane si dzɔ le miaƒe nutoa me nyitsɔ laa.] Èbu eŋu kpɔ be, ɖe wòanye be gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe si womekpɔna o, ye le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi be woanɔ nu vɔ̃ɖiwo wɔmaa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 12:12.] Magazine sia ɖe ale si míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta me na mí.”
Awake! June
“Àte ŋu agblɔ wò nukpɔsusu le mawunyakpukpui sia ŋu nama? [Xlẽ Timoteo I, 6:10.] Èsusu be ame siwo ʋlina be yewoali kɔ ga kple kesinɔnuwo ɖi la kpea fu ŋutɔŋutɔ ɖe wo didi taa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe nu gbegblẽ si dona tsoa kesinɔnuwo yome titi me la me.”
Gbetakpɔxɔ June 15
“Ède dzesii be ame geɖe ŋutɔ le nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo ɖom na wo ɖokui egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mɔfiame siwo metrɔna o siwo le Biblia me ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo le aɖaka si le axa 6-7 dometɔ ɖeka.] Magazine sia ɖe ale si wɔwɔ ɖe Biblia me agbenɔnɔ ŋuti sewo dzi ɖea vi na míi la me.”
Awake! June
“Mí katã míehiã ga be míatsɔ akpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo gbɔe. Èsusu be ate ŋu adzɔ be míati ga yome fũu akpa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si mawunyakpukpui sia gblɔ ku ɖe kesinɔnuwo yome titi ŋu la ɖa. [Xlẽ Timoteo I, 6:10.] Magazine sia ɖo aɖaŋu ŋutɔŋutɔwo na mí ku ɖe ale si míanɔ agbe kpokploe kple ale si míanɔ agbe ɖe ga sue aɖe nu la ŋuti.”