Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòsɔ be míaŋlɔ mía ŋutɔwo míaƒe e-mail adrɛs atre ɖe agbalẽ siwo míemana la dzia?
Gbeƒãɖela aɖewo tua woƒe e-mail alo nyatakakawo ɖoɖoɖa to kɔmpiuta dzi ƒe adrɛs ɖe magazine alo trakt siwo womana le gbeadzi la dzi alo ŋlɔnɛ trena ɖe wo dzi. Esia wɔnɛ be ame siwo xɔa agbalẽawo la tea ŋu toa kadodo sia dzi biaa nyatakaka bubuwo gbeƒãɖelawo. Susu nyuiwoe wotsɔ wɔa esia be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Gake woŋlɔ míaƒe habɔbɔa ƒe Internet adrɛs ɖe magazineawo kple traktawo ƒe megbekpa dzi xoxo. Eya ta anyo wu be míagaŋlɔ míawo ŋutɔwo míaƒe e-mail adrɛs ɖe agbalẽawo dzi o.
Ne gbeƒãɖela aɖe ŋutɔ ŋlɔ eƒe adrɛs ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi na amewo, vevietɔ ne ele tɔtrɔyi wɔm la, esia nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ele be mía ŋutɔwo míadze agbagba ayi ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ, wu be míagblẽe ɖe woawo ŋutɔwo si me be woadi mía yome mɔ hena nyatakaka bubuwo xɔxɔ. Míate ŋu aɖe ɖetsɔleme vavã afia amewo wu ne míele nu ƒom na wo ŋkume kple ŋkume.