Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòasɔ be Yehowa Ðasefo aɖe nalɔ̃ be woawɔ atike na ye alo woakpɔ ye gbɔ le dɔnɔkɔdzi alo dɔnɔdzikpɔƒe aɖe si le subɔsubɔha aɖe ƒe dzikpɔkpɔ tea?
Subɔsubɔha vovovowo ɖo dɔnɔkɔdziwo alo dɔnɔdzikpɔƒe siwo wɔa atike na dɔnɔwo alo kpɔa wo dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Zi geɖe la, menye Babilon Gã la dodo ɖe ŋgɔ koŋ tae woɖoa teƒe siawo ɖo o. (Nyaɖ. 18:2, 4) Subɔsubɔha aɖe ate ŋu aɖo dɔnɔkɔdziwo le gɔmedzedzea me kple susu be yewoakpɔ ga tso eme. Egbea la, subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ koe nɔa dɔnɔkɔdzi aɖewo ŋu, eye bubuwo hã ƒe dɔwɔlawo dometɔ aɖewo nyea subɔsubɔhakplɔlawo.
Ne Yehowa Ðasefo aɖe dze dɔ, eye wòahiã be wòayi dɔnɔkɔdzi alo dɔnɔdzikpɔƒe aɖe la, ele be eya ŋutɔ nawɔ nyametsotso nenye be ayi teƒe aɖe si anya do ka kple subɔsubɔha aɖe loo alo mayi o. Ame aɖewo ƒe dzitsinya aɖe mɔ na wo be woayi, eye ame bubuwo hã ƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo o. (1 Tim. 1:5) Nanewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe ƒe nyametsotso dzi, eye anyo be wòade ŋugble tso esiawo ŋu.
Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be dɔnɔkɔdzi alo dɔnɔdzikpɔƒe aɖe si ŋu subɔsubɔha aɖe ƒe ŋkɔ le koe tsɔ ɖe mia gbɔ. Alo nenye be dɔnɔkɔdzi bubu aɖe te ɖe mia ŋu hã la, ɖewohĩ esi le subɔsubɔha aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te la kpɔa dɔnɔwo gbɔ nyuie wu. Ðewohĩ dɔnɔkɔdzi aɖe si ŋu subɔsubɔha aɖe ƒe ŋkɔ le koe dɔwɔnu siwo hiã woate ŋu atsɔ akpɔ lãmesẽkuxi aɖe koŋ gbɔ la le, alo ɖewohĩ dɔnɔkɔdzi ma koe wò ɖɔkta alo amekola ate ŋu akpɔ gbɔwò le. Gawu la, ɣeaɖewoɣi la, dɔnɔkɔdzi siwo do ka kple subɔsubɔha aɖe la ate ŋu ade bubu míaƒe Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu ku ɖe ʋuzazã ŋu la ŋu, evɔ dɔnɔkɔdzi siwo amewo ŋutɔwo ɖo alo esiwo nye dziɖuɖu tɔwo la agbe. Esiawoe nye nane siwo ŋu nàte ŋu ade ŋugble le ne èle nyametsotso wɔm ku ɖe dɔnɔkɔdzi si nàdi be yeayi la ŋu.
Ne ètiae be yeayi dɔnɔkɔdzi alo dɔnɔdzikpɔƒe aɖe si do ka kple subɔsubɔha aɖe la, ɖewohĩ àbui be enye fexexe ɖe dɔ aɖe si ame aɖe wɔ na ye ta ko. Ðewohĩ àbu dɔnɔkɔdzi ma be enye dɔwɔƒe aɖe si dzi kpɔm subɔsubɔha la le, eye ne èxe fe na dɔwɔƒe ma ɖe dɔ aɖe si wòwɔ na wò ta la, menye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ tẽe atsɔ ado alɔ alakpasubɔsubɔe wònye o. Ðeko nèle fe xem ɖe nane si nèƒle alo dɔ aɖe si wowɔ na wò la ta.
Ke hã, abe Kristotɔ ene la, ele be nàkpɔ egbɔ nyuie be yemekpɔ gome le alakpasubɔsubɔ nuwɔna aɖeke me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mele be nàyɔ subɔsubɔ ƒe bubuŋkɔ siwo wolɔ̃a yɔyɔ abe “Fofo” (Fada) alo “Sista” ene na ame siwo wɔa dɔ le teƒea alo ɖia tsa vaa teƒea o. (Mat. 23:9) Kpɔ egbɔ be dɔdada alo nane si nèdi be woawɔ na ye la ƒe kadodo koe anɔ mia kple dɔwɔƒea dome, eye kadodo bubu aɖeke naganɔ mia dome wu esia o.
Ne woxɔ wò ɖe dɔnɔkɔdzi aɖe la, àte ŋu aɖe eme na wo be Yehowa Ðasefoe yenye, eya ta yeadi be yewoƒe hamemetsitsi siwo le nutoa me nava nɔ ye srãm kpɔ. Esia awɔe be nànɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si sɔ la xɔm le ɣeyiɣi siwo nàtsɔ anɔ afi ma la me.—1 Tes. 5:14.
Ele be ƒometɔ siwo nye haxɔsetɔwo, hamemetsitsiwo, kple hamea me tɔ bubuwo nakpɔ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi ɖe sia ɖe si le dɔnɔdzikpɔƒe la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nɛ nyuie, vevietɔ nenye be subɔsubɔha aɖee kpɔa dɔnɔdzikpɔƒe ma dzi. Kutrikuku le esia wɔwɔ me ade dzi ƒo na ame tsitsiwo ŋutɔ, eye esia akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na gomekpɔkpɔ le subɔsubɔnuwɔnawo, azãɖuɖuwo, kple esiawo tɔgbi siwo yia edzi le dɔnɔkɔdzi siawo me le manyamanya me.
Esi esiawo katã le susu me na mí ta la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabu nɔnɔme siwo wòlɔ ɖe eme ŋu nyuie hafi awɔ nyametsotso ku ɖe dɔnɔkɔdzi alo dɔnɔdzikpɔƒe si wòadi be yeayi la ŋu.—Gal. 6:5.