Míele Nu Siwo Ƒo Ke Ðe To Sesĩe La Mum Ƒu Anyi
1 Ƒe alafa geɖewoe nye esia si Satana to aʋatsonufiafia kple amebeble dzi na ame geɖewo ƒe dzi kple susu tra. Ena nufiafia siwo dometɔ aɖewoe nye Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kple dzomavɔ kaka ɖe afi sia afi. Enaa amewo kea ɖi Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ kple Biblia ƒe nyateƒenyenye. Ameƒomevinyenye kple dukɔmevinyenye hã nye mɔxenu vevi aɖewo siwo ŋu dɔ wòwɔna tsɔ xea mɔ na nyateƒea ƒe kekelia. (2 Kor. 4:4) Aleke míate ŋu amu dzixɔse mawo siwo ƒo ke ɖe to sesĩe la aƒu anyi le kpɔɖeŋumɔ nu?—2 Kor. 10:4, 5.
2 Ðe Mɔ Woaɖe Woƒe Seselelãmewo Agblɔ: Zi geɖe la, subɔsubɔdzixɔse si le ame aɖe si hena ƒe geɖe la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe seselelãme ememetɔ dzi. Ame aɖewo lé dzixɔse totrowo me ɖe asi tso woƒe ɖevime ke. Be míakpe ɖe ame mawo tɔgbi ŋu la, ehiã be míaƒo nu na wo le mɔ si ade bubu woƒe nukpɔsusuwo ŋu nu.—1 Pet. 3:15.
3 Míate ŋu ade bubu ame mawo tɔgbi ŋu ne míeɖe mɔ na wo be woaɖe nu si dzi woxɔ se la me ahagblɔ nu si tae woxɔ edzi se la na mí. (Yak. 1:19) Ðewohĩ woxɔe se vevie be luʋɔ la mekuna o, le esi woƒe ame vevi aɖe ku, eye wole didim vevie be yewoagakpɔe ake ta. Ðewohĩ woɖua azãwo le esi esiawo naa mɔnukpɔkpɔ wo wogakpɔa ɣeyiɣi ɖe woƒe ƒomea ŋu ta. Ne míeɖoa to wo nyuie la, akpe ɖe mía ŋu míase woƒe seselelãmewo gɔme, eye esia akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya ŋu na wo le mɔ si aɖe vi nu.—Lod. 16:23.
4 Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu: Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si wòɖo nya ŋu na ŋutsu aɖe si nya Sea nyuie la me. Yesu meɖo nya ŋu na ŋutsua tẽe o, anye ne ŋutsua agbe Yesu ƒe nyawo le esi ŋutsua dea asixɔxɔ eƒe dzixɔsewo ŋu ta. Ðe esia teƒe la, Yesu he eƒe susu yi Ŋɔŋlɔawo dzi, kpee be wòagblɔ eƒe nukpɔsusu, eye Wòwɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ kpe ɖe eŋu wòde ŋugble tso nya la ŋu.—Luka 10:25-37.
5 Ele bɔbɔe be nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me nana amewo naɖe asi le alakpasubɔsubɔ me dzixɔse siwo ƒo ke ɖe to ɖe wo me sesĩe la ŋu. (Heb. 4:12) Ne míetsɔ dzigbɔɖi ɖe nyateƒea me wòɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ la, aʋã wo woagbe nu le aʋatsodzixɔsewo gbɔ, eye woava ku ɖe nyateƒe si ate ŋu ana ablɔɖe wo la ŋu.—Yoh. 8:32.