INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/08 axa 8
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 12/08 axa 8

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Dec. 1

“Ède dzesii be amewo ƒe dzadzɛnyenye ƒe dzidzenuwo toa vovoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se susu vevi aɖe si tae wòle be míanɔ dzadzɛ la ɖa. [Xlẽ 1 Petro 1:16.] Nyati sia ƒo nu tso nu ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo míate ŋu awɔ bene míayi edzi anɔ dzadzɛ la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 9 lia la fiae.

Awake! Dec.

“Ame geɖe dzea agbagba be yewoade bubu Yesu ŋu le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me. Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, nu kae nèsusu be eyae nye mɔ nyuitɔ si nu míade bubu Yesu ŋu le? [Xlẽ Yohanes 14:15. Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame aɖeke menya ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o, eye awɔ nuku na wò be nàse susu si tae wotia December 25 be wòanye ŋkeke si dzi woanɔ Kristmas ɖum.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.

Gbetakpɔxɔ Jan. 1

“Le xexea me godoo la, nukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe Maria si nye Yesu dada ŋu. Aleke nèbua Mariae? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia ɖee fia be Maria wɔ akpa vevi aɖe le ŋutinya me. [Xlẽ Luka 1:30-32.] Magazine sia dzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi me la me.”

Awake! Jan.

“Tɔsisi kple ta geɖe le miemiem le xexea me godoo, eye ame miliɔn geɖe mekpɔa tsi nyui nona o. Èsusu be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ bliboea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eye nàxlẽ Yeremiya 10:23.] Magazine sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ be ava kpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋ la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe