Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ December 1
“Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖewo wɔa Yesu dzidzi ŋuti nutatawo kple wɔwɔfiawo tsɔ ɖɔa Biblia me nudzɔdzɔ siae. [Xlẽ Mateo 2:1, 11.] Ède dzesi vovototo si le nu si Biblia gblɔ be edzɔ kple nu siwo amewo wɔna tsɔ ɖɔa nudzɔdzɔ siae zi geɖe la domea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ɖe nu si ŋutɔŋutɔ dzɔ ɣemaɣi la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 31 lia la fiae.
Awake! December
“Medi be mase wò susu ku ɖe nya aɖe si Yesu gblɔ la ŋu. [Xlẽ Mateo 5:3.] Esi wònye be subɔsubɔha vovovo geɖewoe li egbea ta la, èsusu be ale si míetiae be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔ me nu hiahiãwo gbɔ la le veviea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso ale si míawɔ akpɔ míaƒe gbɔgbɔ me nu hiahiãwo gbɔ ŋutɔŋutɔ ŋu la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ January 1
“Nukpɔsusu vovovowoe le subɔsubɔha vovovowo me tɔwo si ku ɖe aha sesẽ nono ŋu. Aleke nèsusu be Mawu bua aha sesẽ nonoe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Togbɔ be Biblia ka nya ta be Yesu trɔ tsi wòzu wain nukutɔe zi ɖeka kpɔ hã la, egagblɔ nya sia hã. [Xlẽ Lododowo 23:20a.] Magazine sia ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe aha sesẽ nono ŋu la fia.”
Awake! January
“Le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be yewowɔa dɔ wògbɔa eme, eye nu te ɖe yewo dzi. Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se aɖaŋuɖoɖo nyui sia ɖa. [Xlẽ Nyagblɔla 4:6.] Magazine sia ƒo nu tso ale si míawɔ ada sɔ le dɔwɔwɔ, ƒomea gbɔ kpɔkpɔ, kple ɖiɖiɖeme gome la ŋu. Eɖo aɖaŋu nyuiwo na ame siwo le dɔ dim hã.”