Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ August 1
“Hafi amewo nakpɔ dzidzɔ la, nu kae nèsusu be wohiã na? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mateo 5:3 nɛ.] Nya siwo Yesu gblɔ tso nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ la dometɔ ɖeka koe nye esia. Nyati sia dzro nu siwo Yesu fia tso ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 16 la fiae.
Awake! August
“Egbea la, television dzi wɔna geɖe kuna ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo, bokɔnɔwo, kple adzewɔwɔ ŋu. Èsusu be gbɔgbɔ vɔ̃wo li vavã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ 1 Korintotɔwo 10:20.] Nyati sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu kple nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso wo si me la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 20 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ September 1
He susu yi nyadzɔdzɔ aɖe si ŋu amewo tsi dzi ɖo le miaƒe nutoa me la dzi. Eyome gblɔ be: “Èbu nu si tae amewo wɔa nu gbegblẽ mawo ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ susu nyui aɖewo siwo tae míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe. [Xlẽ 2 Petro 3:13.] Magazine sia ɖe nu siwo Biblia gblɔ be woawo gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso la me kple ale si Mawu ava ɖe nu vlo wɔwɔwo ɖa kpuie la ŋu.”
Awake! September
“Èsusu be asitelefonwo, e-mail, chat room, kple egbegbe ƒe kadodomɔnu bubuwo na amewo ƒe akogotsitsi dzi ɖe kpɔtɔ loo alo wona wòganyra ɖe edzi? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple akogotsitsi. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35.] Biblia me aɖaŋuɖoɖo bubu siwo kpena ɖe ame ŋu la le magazine sia me.”