INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/10 axa 4
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 9/10 axa 4

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ September 1

“Ɣeaɖewoɣi la, amewo wɔa nu dziŋɔwo le esi mawusubɔsubɔ ƒe dzonɔameme si mesɔ o le wo me ta. Èsusu be nu ka gbɔe wòtso be woblea wo nenema gbegbe ɖo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] De dzesi nu si Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ. [Xlẽ 1 Yohanes 4:1.] Nyati sia dzro nu si tae wòle vevie be míatsɔ míaƒe dzixɔsewo asɔ kple nya siwo Mawu ƒe Nya la gblɔ.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 la fiae.

Awake! September

Xlẽ Mateo 5:39. Eyome gblɔ be: “Èsusu be nu si Yesu wɔnɛ le afi sia ye nye be míanɔ anyi kpoo ko anɔ fu kpem nenye be wole vɔ̃ wɔm ɖe mía ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ƒo nu tso nu si Biblia gblɔ ku ɖe ame ɖokui ta ʋiʋli kple nyatsɔtsɔ yi setɔwo gbɔ la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 la fiae.

Gbetakpɔxɔ October 1

“Subɔsubɔha vovovo siwo le xexea me la katã me tɔwo doa gbe ɖa. Èsusu be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo heɖoa wo ŋu ŋutɔŋutɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ gbe dom ɖa. [Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.] Magazine sia dzro nyabiase adre aɖewo siwo amewo biana zi geɖe le gbedodoɖa ŋu, siwo ŋu Biblia ɖo la me.”

Awake! October

“Míesenɛ enuenu be, amewo srɔ̃wo, dunyahelawo, kple ame bubuwo mewɔa nuteƒe na wo haviwo o. Èsusu be eva le sesẽm ɖe edzi wu be míakpɔ ame siwo dzi míate ŋu aka ɖoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be mawunyakpukpui sia me nyawo le eme vam. [Xlẽ 2 Timoteo 3:1-5.] Magazine sia ƒo nu tso afi si míate ŋu agate ŋu akpɔ ame siwo dzi míate ŋu aka ɖo ŋutɔŋutɔ le la egbea la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe