Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ November 1
“Èsusu be mawudɔlawo tsɔa ɖe le nu siwo míewɔna mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya dodzidzɔname si Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ Luka 15:10.] Nyati sia ƒo nu tso nya si Yesu gblɔ tso ale si gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii ŋu la ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 16 la fiae.
Awake! November
Xlẽ 2 Timoteo 3:16. Eyome bia be: “Ðe nèxɔe se be míate ŋu aka ɖe nya sia nya si Biblia la gblɔ dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ana nàkpɔe nenye be nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo kpakple ŋutinyawo ɖo kpe nya siwo Biblia gblɔ tso blema Egipte ŋu dzi hã.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 15 la fiae.
Gbetakpɔxɔ December 1
“Ame geɖe xɔe se be nuwɔwɔ nyanu aɖewo le gbɔgbɔmenutowo me siwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-9.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso nuwɔwɔ siwo le gbɔgbɔmenutowo me ŋu la fia; eƒo nu tso ale si woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii ŋu, eye ena míanya nenye be míate ŋu aƒo nu kpli wo.”
Awake! December
“Biblia megblɔ gbe si gbe wodzi Yesu o, gake amewo ɖua Kristmas le December 25 dzi; èbu nu si tae ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Luka 2:8.] Le kpukpui sia ƒe nya nu la, womate ŋu adzi Yesu le vuvɔŋɔli o. Magazine sia klo nu le afi si Kristmas kɔnu siwo me ame geɖe kpɔa gome le la dzɔ tso dzi.”