Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le August Me
“Amewo le subɔsubɔha vovovowo me eye wosubɔa Mawu le mɔ vovovowo nu. Le wò susu nu la, aleke Mawu sena le eɖokui me le nuwɔna sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nu si Yesu fia ku ɖe nya sia ŋu ɖa? Tsɔ August 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la ɖeka na aƒemenɔlaa eye midzro nyati si le tanya sue gbãtɔ te le axa 16 lia la me ɖekae eye midzro mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti me. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.”
The Watchtower August 1
“Ðe wòle be woafia nu ɖeviwo tso Mawu ŋu tso woƒe ɖevime kea, alo ɖe wòanyo wu ne wolala va se ɖe esime wotsi eye woɖe asi le wo ŋu be woawo ŋutɔwo natia subɔsubɔdzixɔse siwo dze wo ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se aɖaŋu si Biblia ɖo na vifofowo ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 6:4.] Magazine sia ɖe mɔ aɖewo siwo dzi dzilawo ate ŋu ato afia nu wo viwo tso Mawu ŋu la me.”
Awake! August
“Ado dzidzɔ nam be nàgblɔ nu si nèsusu tso mawunyakpukpui sia ŋu nam. [Xlẽ 1 Samuel 16:23.] Nya sia fia be hasese kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. Èsusui be ha aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro ale si míate ŋu awɔ tiatia nyuiwo le ha siwo míase kple ale si míate ŋu akpe ɖe mía viwo ŋu woawo hã nawɔ nenema ke la me.”