Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le August Me
“Egbea la, amewo gakpɔa Yesu le susu me abe ale si ko wònɔ ƒe akpe eve kple edzivɔ aɖewoe nye esi va yi la ene zi geɖe; wobunɛ abe vidzĩ aɖe si le lãnuɖunu me alo abe ŋutsu aɖe si woklã ɖe fuwɔameti ŋu ene. Ke wò ya ɖe, nu kae nèsusu be Yesu le wɔwɔm fifia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si magazine sia gblɔ ɖa.” Tsɔ August 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae eye mixlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower August 1
“Ame geɖe xɔ nukunuwo dzi se. Gake ame bubuwo hã kea ɖi wo. Esusui be nukunuwo dzɔna nyateƒea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nukunu aɖe si ŋugbe wodo be adzɔ le etsɔme la na mɔkpɔkpɔ ame geɖe. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo dze le axa 9-10 la dometɔ ɖeka.] Magazine sia ɖo tsitretsiɖeŋunya etɔ̃ aɖewo siwo amewo lɔ̃a gbɔgblɔ la ŋu.”
Awake! August
“Le ŋkeke siawo me la, ame geɖe vɔ̃na be yewo ɖeɖe yewoado go, vevietɔ ne zã do. Èsusui be woate ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu be ŋutasesẽ dzi naɖe akpɔtɔ le xexea mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nanewo siwo mí katã míate ŋu awɔ be míanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo geɖe wu la me. Edzro ale si nyagblɔɖi dedziƒoname si le Psalmo 72:7 la ava eme la hã me.” Xlẽ Psalmo 72:7.