Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòle be míado gbe ɖa ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe le ʋɔtru nua?
Ne míedo gbe ɖa hafi dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme eye míewu enu kple gbedodoɖa la, eɖea vi geɖe. To gbedodoɖa dzi la, míebiaa Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu le nusɔsrɔ̃a me. (Luka 11:13) Gbedodoɖa ganana hã be míaƒe nusrɔ̃via kpɔa eƒe Biblia sɔsrɔ̃a ƒe vevienyenye dzea sii, eye wòsrɔ̃a ale si eya ŋutɔ ado gbe ɖae. (Luka 6:40) Eya ta enyo be míate gbedodoɖa kple ame si míele Biblia srɔ̃m kplii la kaba. Ke hã esi wònye be nɔnɔme vovovowoe míedoa goe ta la, ele be Biblia fiala nawɔ nuŋububu nyui ŋu dɔ ne ele nya me tsom nenye be ado gbe ɖa le ʋɔtru nu Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me loo, alo mado gbe ɖa o.
Nu vevi aɖe si ŋu míabue nye afi si míele nusɔsrɔ̃a wɔm le. Ne afi si míele nua srɔ̃ ge le la mahe amewo ƒe susu o la, míate ŋu ado gbe kpui aɖe ɖa hafi adze nusɔsrɔ̃ aɖe si míeɖo anyi xoxo la gɔme eye míado gbe kpui aɖe ɖa atsɔ awu enu. Gake ne gbedodoɖa le afi ma ahe amewo ƒe susu alo ana nusrɔ̃via nade vovo ge le eɖokui me do kpoe la, ke anyo wu be míalala va se ɖe esime míekpɔ teƒe si sɔ na mía kple nusrɔ̃via. Teƒe ka kee míeɖale nu srɔ̃m kple ame aɖe le o, ele be míabu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me ne asɔ be míate gbedodoɖa kple amea loo alo masɔ o.—Kpɔ March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8.